Mixa 3
3
Tohehe, si ava Israel ƒe amegãwo dzi.
1Eye megblɔ bena: Mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, ɖe menye mlaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa? 2Mi amesiwo léa fu nyui, eye mielɔ̃a vɔ̃, mievuvua agbalẽ lewo ŋu kple lã le woƒe ƒuwo ŋu. 3Mi amesiwo ɖua nye ɖukɔ ƒe lã, miefloa agbalẽ lewo ŋu, eye miegbãa woƒe ƒuwo; mieflia wo dea ze abe lã ene, eye abe lã le kutu me ene. 4Emegbe woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣl le woƒe nuwɔua vɔ̃ɖlwo ta. 5Ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋu, wo amesiwo kplɔa nye ɖukɔ tranae, eye ne woƒe aɖu kpɔ nu le ɖuɖum la, woɖoa boblo ŋutl-fafa, ke wotsɔa aʋa ɖe amesi mena nu wo, be woaɖu o ŋu la, enye si: 6Eyata zã ghɔna ɖoɖo ge na ml, miakpɔ ŋutega o; blukɔ le dodo ge na mi, miaka afã o; ɣe aɖo to ɖe nyagblɔɖilawo, eye ŋke-ke anyɔ tsiɖitsiɖi ɖe wo. 7Ŋu-kpe alé nukpɔlawo, bokɔnɔwo ƒe mo atsi ɖã, eye wo katã woabla nu ɖe ge, elabena Mawu megale nya ŋu ɖom azɔ o. 8Ke nye la, ŋusẽ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ, dzɔdzɔenyenye kple dzideƒo yɔm fũ, ne magblɔ Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe nuvɔ̃wo nɛ.
Yerusalem gbegblẽ gbɔgblɔdi.
9Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe ta-tɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã; 10mi amesiwo tsɔa fʋu tsoa Zion kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ tsoa Yerusalem. 11Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o. 12Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.
Iliyochaguliwa sasa
Mixa 3: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: