Yoel 3
3
Gbɔgbɔ kɔkɔe la kɔkɔ ɖe, anyi.
1Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo. 2Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi. 3Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ. 4Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo. 5Eye woava me be, woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la; elabena xɔname anɔ Zion-to la dzi kple Yerusalem kpakple ame mamlea, siwo Yehowa ayɔ la dome, abe alesi Yehowa do eŋugbee ene.
Iliyochaguliwa sasa
Yoel 3: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: