Hosea 8
8
Futɔ la do ɖe dukɔ, si subɔ legba la dzi.
1Tsɔ kpẽ ɖo nu! Egbɔna Yehowa ƒe aƒe la dzi abe hɔ̃ ene! Elabena wotu nye nubabla la, eye wosẽ to de nye seawo ŋu. 2Wole ɣli dom nam be: Nye Mawu, mi Israel-viwo míedze si wò! 3Israel do vlo nu nyui; futɔ neti eyome! 4Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.
5Samaria, wò nyivi le ŋu nyɔm, nye dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ɣekaɣi hafi woate ŋu ana wo ɖokui ŋu nadza? 6Elabena Israel wòdzɔ tso, gbede ye wɔe, eye menye Mawu wònye o; eyata Samaria ƒe nyivi la afli kakɛkakɛ. 7Elabena yae woƒã, eye ahom woaxa, vvoƒe nukuwo mamie o; ahɔ̃liti matse ku o, ne eme hã la, ame tutɔwo aɖui. 8Woami Israel; azɔ woanɔ dukɔwo ɖome abe ze ɖigbɔ ene. 9Elabena woyi Asur; gbetedzi la, eya ɖeka koliae nɔa anyi, ke Efrayim ya na nu eƒe ahiãviwe. 10Ne wogana ahiãnu le ɖukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu ɖe wo ŋu, eye woavo vie tso amegãwo ƒe fia ƒe adzɔnana si me.
11Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ, ne wòatsɔ awɔ nutala, eye vɔsamlekpuiawo zu nuvo nɛ. 12Ne meŋlɔ nye se akpe nane nɛ hã la, ebunɛ abe ame tutɔ tɔe wonye ene. 13Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte. 14Israel ŋlɔ ewɔla he; etu fiasãwo, eye Yuda tso du sesẽwo kpaŋkpaŋ; maɖo dzo ɖe eƒe duwo me, ne wòafiã woƒe fiasãwo.
Iliyochaguliwa sasa
Hosea 8: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: