XABAKUK 2
2
Akɔfafa li na xɔsetɔ.
1Mayi nye dzɔƒe, eye matsi tre ɖe xɔta, ne matsa ŋu akpɔ nya, si wòle gbɔgblɔ ge nam, kple nya, si tsɔ ge wòala aɖo nye nyahehe ŋu nam 2Tete Yehowa ɖo ŋu nam gblɔ bena: Ŋlɔ ŋutega la ɖi, eye naɖee ɖe kpe dzi, be wòanya xlẽ bɔbɔe. 3Elabena azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o. 4Kpɔ ɖa, eƒe luʋɔ vu gblotoo, eye meto mɔ ɖeka le eme o; ke ame dzɔdzɔe ya anɔ agbe to eƒe xɔse me.
Nyagblɔɖi le dadalawo ƒe gbegblɛ̃ ŋuti. Kaldeatɔwo ƒe nuwo.
5Wein la, ameflulae, ŋutsu adegbeƒola manɔ anyi aɖe dzi ɖi akpɔ o, eyama keeƒé nu abe tsieƒe ene, eye nu meɖia ƒo na o abe sãɖagatsi ene, eƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eɖokui gbɔ, eye wòlɔ anyigba ɖzi dukɔwo katã li kɔe ɖe eɖokui gbɔ. 6Ɖe amesiawo katã mado hamelo ɖe eŋu, woasi ahama, eye woado lo ɖe eŋu agblɔ hena: „Baba na amesi ƒo nu geɖe ƒu, hafi menye etɔ o, eye wòtsɔ awɔbanu do agba na eɖokui la“ oa? Ɣekaɣi wòanɔ anyi ase ɖo? 7Ɖe wò fetɔwo matso kpoyi, amesiwo axaxa wò ɖo la, nanyɔ, eye woahe wò oa? 8Elabena esi nèha dukɔ geɖewo la, eyata dukɔwo ƒe susɔeawo katã aha wò le ameʋu, si nèka ɖe anyi, kple ŋuta, si nèsẽ le anyigba kple ɖu la kpakple emenɔlawo katã ŋu la ta.
9Baba na amesi tafaa ame na eƒe aƒe, ne wòawɔ atɔ ɖe dziƒo ʋĩ, be wòasi le dzɔgbevɔ̃e nu la! 10Eɖo ŋukpe ɖe ta me ɖe wò aƒe ŋu, esi nèbe, yeatsrɔ̃ dukɔ geɖewo, eye nègblẽ wò agbe dome. 11Elabena kpewo axlɔ̃ le gli me, eye daɖedziwo aɖo ŋu na wo le xɔtiwo me.
12Baba na amesi tsɔ ʋu tso dui, eye wòtsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ tu mɔ̃e! 13Kpɔ ɖa, ɖe menye Yehowa Zebaot gbɔ wòtso be, dukɔwo nadze agbagba bena dzo, eye anyigba dzi dukɔwo naku kutri yakatsyɔ oa? 14Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.
15Baba na amesi na nu ehavi wòno, eye wòku dziku nɛ wono mu, be yeakpɔ eƒe ama! 16Ŋukpe aɖi ƒo na wò, eye menye bubu o; wò hã noe, ne naɖe ama, Yehowa ƒe nuɖusi lé kplu la wòva ɖo gbɔwò, eye, wò bubu aɖi gbɔ. 17Elabena ŋuta, si wosẽ le Libanon ŋu la, ava ddiwò, eye lã, siwo wotsrɔ̃ la, aɖo ŋɔdzi na wò le ameʋu, si nekɔ ɖe anyi, kple ŋuta, si nèsẽ le anyigba kple du la kpakple emenɔlawo katã ŋu la ta. 18Viɖe ka nye aklama kpakpɛ be, ekpala kpae, eye viɖe ka nye legba kɔkɔ kple alakpanufiala be, legbamela le dzi ɖom ɖe eƒe legba ŋu, esi wòwɔ legba maƒonuwo?
19Baba na amesi lé gbɔgblɔm na ati be: Nyɔ! eye na kpe maƒonu be: Fɔ! Ɖe wòate ŋu afia nu amea? Kpɔ ɖa, sika kple klosalo wotsɔ fa ɖe eŋu, eye gbɔgbɔ ku ɖeka hã mele eme o. 20Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me.
Iliyochaguliwa sasa
XABAKUK 2: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: