Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Xezekiel 42

42
Xɔ, siwo le teƒe, si ŋu wotɔ kpɔ ɖo, kple gbedoxɔ la dzidze.
1Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu kɔtoetɔ le anyiehe gome, eye wòkplɔm va xɔ, si le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze kple gli, si le anyiehe gome la ŋgɔdze la gbɔ; 2edidi abɔklugui alafa ɖeka le anyiehekpa dzi, eye wòkeke abɔklugui blaatɔ̃. 3Le teƒe, si le xɔxɔnu metɔ hekeke abɔklugui blave gbɔ lɔƒo, kple kpenyigba, si le xɔxɔnu kɔtoetɔ gbɔ lɔƒo la, sɔtiwo ƒe akpata dze ŋgɔ wo nɔewo le dzisasrã etɔ̃ me. 4Toƒea ɖe le xɔviawo nu ɖo ta xɔxɔnu metɔ, ekeke abɔklugui ewo, eye wòdidi abɔklugui alafa ɖeka; woƒe ʋɔtruwo ɖo ta anyiehe gome. 5Xɔvi tametɔwo mekeke abe etetɔwo kple dometɔwo ene o, elabena sɔtiwo ƒe akpata la xɔ teƒe le wo si. 6Dzisasrã etɔ me wole; ke sɔti mele wo ŋu abe le xɔxɔnuawo ŋu ene o, eyata xɔvi tametɔwo mekeke abe etetɔwo kple dometɔwo ene o. 7Eye gli, si le xɔviawo ŋu le gota gome ɖo ta xɔxɔnu kɔtoetɔ le xɔviawo ŋgɔdze la ƒe didime le abɔklugui blaatɔ̃. 8Elabena xɔviawo ƒe didime le abɔklugui blaatɔ̃ ɖo ta xɔxɔnu kɔtoetɔ lae, ke wodidi abɔklugui alafa ɖeka ɖo ta gbedoxɔ gbɔ lɔƒo. 9Mɔnu le xɔviawo ƒe anyigbe le ɣedzeƒe gome, ne wotso xɔxɔnu kɔtoetɔ va wo gbɔ 10le xɔxɔnu ƒe gliawo ƒe gɔmedzedze. Xɔviwo le dziehe gome hã le teƒe, si ŋu watɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze kple gli la ŋgɔdze. 11Toƒe le wo ŋgɔ, abe esi le xɔvi, siwo le anyiehe gome la ŋgɔ ene, wodidi, eye wokeke abe ekemeawo ene, eye wowɔ woƒe mɔnu wo katã wòsɔ kple ekemeawo. 12Woƒe ʋɔtruwo le abe xɔvi, siwo le dziehe gome la ƒe ʋɔtruwo ene, eye mɔnu ɖeka le glia ƒe gɔmedzedze, ne wotso ɣedzeƒe gome va. 13Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye. 14Ne nunɔlawo ge ɖe kɔkɔeƒea me la, womado ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ o, ke boŋ woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe afima, elabena nu kɔkɔewo wonye, eye woaɖo awu bubuwo hafi ayi teƒe, si woɖo ɖi na dukɔ la.
15Eye esi wòdzidze xɔ metɔ vɔ la, ekplɔm to agbo, si le ɣedzeƒe gome la nu, eye wòdzidze wo katã godoo va kpe. 16Etsɔ dzidzeti dzidze ɣedzeƒekpa wòle abɔklugui alafa atɔ̃; 17eye wòtsɔ dzidzeti dzidze anyiehekpa wòle abɔklugui alafa atɔ̃; 18etsɔ dzidzeti dzidze dziehekpa wòle abɔklugui alafa atɔ̃; 19eye wòtsɔ dzidzeti dzidze ɣetoɖoƒekpa wòle abɔklugui alafa atɔ. 20Edzidzee le go eneawo me, eye gli ƒo xlãe godoo va kpe didi abɔklugui alafa atɔ, eye wòkeke abɔklugui alafa atɔ, ne wòatso nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome.

Iliyochaguliwa sasa

Xezekiel 42: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia