Amos 7
7
Ŋutega eve kpɔkpɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃, si ava Israel kple Yerobeam ƒe aƒe dzi ŋuti.
1Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, ewo ʋetsuviwo, esime kelegbewo de asi miemie me; elabena kelegbewo miena, ne wova gbe na fia megbe. 2Eye esi woɖu anyigba dzi gbewo vo keŋkeŋ la, megblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, tsɔe ke dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o? 3Tete wòve Yehowa, eye Yehowa gblɔ bena. Mava me o. 4Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa yɔ dzo vɛ, be wòatsɔ ahe toe, eye wòfiã to gãwo helé agblewo. 5Eye megblɔ be: Aƒetɔ Yehowa, dzudzɔ dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o? 6Tete wòve Yehowa, eye Aƒetɔ Yehowa gblɔ be: Esia hã mava me o.
7Eye wòna mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, Aƒetɔ la tsi tre ɖe gli, si dzɔ kã la dzi, eye wòlé tsumikpe ɖe asi. 8Tete Yehowa gblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nele? Meɖo ŋu bena. Tsumikpee Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Kpo ɖa, mada tsumikpe ɖe Israel-duko la dome, eye nyemagatsɔe akee azɔ o. 9Isak ƒe nuxeƒewo azu gbegbe, Israel ƒe kɔkɔefewo azu aƒedo, eye matso yi atso ɖe Yerobeam ƒe aƒe la ŋu.
Amazya tso Amos nu, ke Amos ɖe gbe ƒã tohehe, si ava edzi la nɛ.
10Tete Amazya, amesi nye nunɔla le Betel la, dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia Yerobeam, ne woagblɔ nɛ bena: Amos ɖo gbe ɖi ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome; anyigba la magaɖo dzi atso eƒe nyawo katã o. 11Elabena ale Amos gblɔ esi: Yerobeam aku ɖe yi nu, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi. 12Eye Amazya gblɔ na Amos, bena: Nukpɔla si yi Yuda-nyigba dzi, gblɔ nya ɖi le gama, ne nakpɔ abolo aɖu le afima. 13Ke megagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o; elabena fia ƒe kɔkɔeƒe kple fiaɖuƒe ƒe gbedoxɔ wònye. 14Tete Amos ɖo ŋu gblɔ na Amazya bena: Nyemenye nyagblɔɖila alo nyagblɔɖilawo ƒe vi o, ke boŋ lãkplɔvi kple gbotidola menye. 15Ke Yehowa ɖem le lãhawo yome, eye Yehowa gblɔ nam bena: Yi ɖagblɔ nya ɖi ɖe nye dukɔ Israel ŋu. 16Azɔ se Yehowa ƒe nya! Egblɔ be: Megagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋu o, eye megadudu nyã ƒo ɖi ɖe Isak ƒe aƒe la ŋu o! 17Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Srɔ̃wò awɔ gbolo le dua me, wò ŋutsuviwo kple wò nyonuviwo atsi yi nu, eye woatsɔ dzidzeka amã wò anyigbae, wò ŋutɔ àku ɖe anyigba makɔmakɔ dzi, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.
Iliyochaguliwa sasa
Amos 7: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: