Amos 5
5
Konyifaha kple dukɔ la yɔyɔ hena dzimetɔtrɔ.
1Israel ƒe aƒe, mise nya sia, elabena mele konyifaha to ge ɖe mia ŋu! 2Israel-ɖetugbi dze anyi, megale fɔfɔ ge o; eɖo baba ɖe eƒe anyigba dzi, amea ɖeke mele efɔ ge ɖe tsitrenu o! 3Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne dua ɖe ho kple ame akpe le Israel ƒe aƒe la me la, ame alafa akpɔtɔ, eye ne eho kple ame alafa la, ame ewo akpɔtɔ.
4Elabena ale Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la enye si: Midim, ne mianɔ agbe! 5Ke migabia Betel ta se o, migava Gilgal o, eye migayi Beer-Seba o; elabena Gilgal ayi aboyo me, eye Betel atsrɔ̃. 6Midi Yehowa, be mianɔ agbe, ne magadze Yosef ƒe aƒe la dzi, abe dzo ene ahafiãe, eye dzotsilaa ɖeke manɔ anyi na Betel o; 7mi amesiwo trɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa, eye miete dzoe dzɔenyenye ɖe to! 8Eya amesi wo atifieŋu kpakple avũ kple avũtɔ, eye wotsɔ blukɔ wɔ ŋdii, ena ŋkeke do viviti abe zã ene, eye wòyɔ atsiaƒu me tsiwo vɛ hetrɔ wo ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa; 9eya amesi de gbegblẽ ame sesẽ la dome, eye wòhe gbegblẽ va du sesẽ la dzi. 10Wole fu amesi xlɔ̃a nu ame le ʋɔnu, eye wonyɔ ŋu nyateƒetola. 11Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o. 12Elabena menyae be, miaƒe dzidadawo sɔ gbɔ, eye miaƒe nuvowo teƒe mekɔ o, mielé ame dzodzɔewo ɖe ke me, miexɔ zãnu, eye miete ame dahewo ɖe anyi le ʋɔnu! 13Eyata nunyala ƒe nu nede gã le ɣemaɣi, elabena ɣeyiɣi vɔe wònye. 14Midi nyui, eye menye vɔ̃ o, ne mianɔ agbe, eye Yehowa, Mawu Zebaot, nanɔ anyi kpli mi, abe alesi miele gbɔgblɔm ene. 15Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui, eye mifɔ nya dzɔdzɔe ɖe tsitrenu le ʋɔnu, amea ɖe menya nu o Yehowa, Mawu Zebaot, ave Yosef ƒe ame mamleawo nu.
16Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Aƒetɔ la, gblɔ esi: Konyifafa anɔ ablɔwo katã me, eye woana alele dom le kpɔdomeewo katã, woayɔ agbledela ɖe nuxaxa ŋu, eye kuteƒehadzilawo ɖe konyifafa ŋu; 17eye konyifafa anɔ weingblewo katã me, ne meva to dowòme yi, Yehowa ye gblɔe.
18Baba na amesiwo dzrom Yehowa ƒe ŋkeke la le! Viɖe ka Yehowa ƒe ŋkeke la nye na mi? Viviti wònye, menye kekeli o. 19Ele abe ŋutsua ɖe, si si le dzata nu, eye sisiblist va do goe, eye esi wògbɔ va aƒe hetsɔ asi ziɔ ɖe gli ŋu la, da ɖui la ene. 20De menye vivitie nye Yehowa ƒe ŋkeke la, eye menye kekeli oa, ɖe menye blukɔ wònye, eye eme mekɔ oa?
Gota mawusubɔsubɔ ɖeɖe menye naneke o.
21Melé fu miaƒe ŋkekenyuiewo, eye metsri wo, eye nyemaʋẽ miaƒe takpegbewo ase o. 22Elabena ne miesa numevɔ kple nuɖuvɔ nam hã la, womadze ŋunye o, eye nyemanyẽ: kɔ akpɔ miaƒe nyivi damiwo ƒe akpedavɔsawo o. 23Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo le to me vem nam! 24Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu, si memiena o la ene boŋ! 25Israel ƒe aƒe, ɖe miesa akpedavɔ kple nuɖuvɔ nam le gbe dzi le ƒe blaneawo mea? 26Eyata miatsɔ miaƒe legbawo: Miaƒe fia Sakut kple miaƒe mawu Kewan ƒe dzinuvi, si miewɔ na mia ɖokui la; 27eye mana woaɖe aboyo mi agbɔ Damasko ŋu ʋĩ ayii, Yehowa, amesi ŋkɔ nye Mawu Zebaot lae gblɔe!
Iliyochaguliwa sasa
Amos 5: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: