Amos 3
3
Tohehe ava Israel dzi tso Mawu gbɔ, abe alesi nyagblɔɖila la gblɔ ene.
1Mise Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe mi Israel-viwo, mi ƒome blibo, si wòkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la ŋu: 2Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome; eyata mahe to na mi le miaƒe vodadawo katã ta. 3Ne ame eve be, yewoazɔ ma la, ɖe womeɖoa gbe ɖi hafi oa? 4Ne nuléle mesu dzata si o la, ɖe wòxlɔ̃na le ave mea? Ɖe dzatavi ɖea gbe le emlɔƒe, ne mekpɔ lé nu haɖe oa? 5De xevi dzona ɖe mɔ̃ dzi lé anyigba, ne mɔ̃a ɖeke meli nɛ oa? Eye ɖe mɔ̃ fena, ne naneke meɖo eme oa? 6Ɖe wokua kpẽ le du me, eye vɔvɔ̃ gbea amewo ɖoɖoa? De dzɔgbevɔ̃e dzɔna le du me, eye menye Yehowa ye wɔe oa? 7Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o. 8Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?
9Miɖo kpo ɖe fiasãwo ta le Asdod kple ɖe fiasãwo ta le Egipte-nyigba dzi gblɔ bena: Miƒo takpli ɖe Samaria-towo dzi, eye mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe kple ame teteɖeanyi, si le eme la ɖa. 10Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle. 11Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Futɔ ɖe to ɖe wò anyigba godoo, atu ŋusẽ le ŋuwò, eye woaha wò fiasãwo. 12Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Alesi lãkpɔvi ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ tsoa dzata ƒe nu mee la, nenema ke woaɖe Israel-vi, siwo bɔbɔ nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple aba ƒe kuntru dzi lae. 13Aƒetɔ Yehowa, Mawu Zebaot, be: Misee, eye mitsɔe ɖi ɖase na Israel ƒe aƒe la be: 14Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi. 15Magbã vuvɔŋɔlixɔ akpe ɖe ɖzomeŋɔlixɔ ŋu, nyiɖuxɔwo atsrɔ̃, eye xɔ gbogboawo nu ayi; Yehowa ye gblɔe!
Iliyochaguliwa sasa
Amos 3: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: