1
Maleaxi 3:10
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.
Linganisha
Chunguza Maleaxi 3:10
2
Maleaxi 3:11-12
Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe. Eye dukɔwo katã akafu mi, elabena mianye anyigba dzeani, Yehowa Zebaot ye gblɔe.
Chunguza Maleaxi 3:11-12
3
Maleaxi 3:17-18
Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene. Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.
Chunguza Maleaxi 3:17-18
4
Maleaxi 3:1
Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.
Chunguza Maleaxi 3:1
Nyumbani
Biblia
Mipango
Video