Eye megblɔ nya ɖi, abe alesi wode se nam ene. Esi megblɔ nya ɖi la, hoowɔwɔ le ɖiɖim, ƒuawo le kpekpem ɖe wo nɔewo nu, eye wo dome ɖesiaɖe va nɔvia gbɔ. Eye meɖo ŋku anyi hekpɔ bena, lãmeka dowo ŋu, lã ɖo wo ŋu, eye agbalẽ fa ɖe edzi, ke gbɔgbɔ mekpɔ ɖo wo me haɖe o.