1
Xezekiel 34:16
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.
Linganisha
Chunguza Xezekiel 34:16
2
Xezekiel 34:12
Alesi lãkplɔvi ɖea ŋku ɖe eƒe lãhawo le gbesigbe wòle eƒe alé, siwo ka hlẽ dome la, nenema maɖe ŋku ɖe nye alẽwo, eye maɖi wo aƒo ƒu tso teƒe, siwo katã woka hlẽ ɖo le blukɔ kple tsizidogbe la.
Chunguza Xezekiel 34:12
3
Xezekiel 34:11
Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli maɖi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu.
Chunguza Xezekiel 34:11
4
Xezekiel 34:15
Nye ŋutɔ manyi nye alẽwo, eye mana woatsyɔ akɔ anyi ɖi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Chunguza Xezekiel 34:15
5
Xezekiel 34:31
Ke miawoe nye nye alẽwo, mi amegbetɔwoe nye nye lãnyiƒe ƒe alẽwo la, eye nyee nye mia Mawu; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
Chunguza Xezekiel 34:31
6
Xezekiel 34:2
Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe lãkplɔviwo ŋu, lãkplɔviawo ŋue nagblɔ nya ɖo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na Israel ƒe lãkplɔviwo, amesi nyi woawo ŋutɔ ɖokui; ɖe menye lãhawoe lãkplɔviwo nanyi oa?
Chunguza Xezekiel 34:2
Nyumbani
Biblia
Mipango
Video