Esia nye Amos, amesi tso alẽnyilawo dome le Tekoa la ƒe nya, si wòkpɔ ɖe Israel ŋu ƒe eve ɖo ŋgɔ na anyigbaʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli kple Israel-fia Yerobeam, Yoas-vi ŋɔli la. Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.