Rut Ŋgɔdonyawo
Ŋgɔdonyawo
Rut ƒe agbalẽ la me nyawo xlẽ nya sesẽ si dzɔ le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli la ƒe akpa bubu fia. Le ɣeyiɣi sia me la, Israelviwo kpɔ vovo vie tso ʋukɔkɔɖi si va anyigba la dzi le woƒe nu vɔ̃wo ta la me. Agbalẽa ƒo nu tso Rut, ame si ɖo be yeanɔ ye lɔ̃xo Naomi gbɔ esime dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe Naomi dzi la ŋu. Yehowa ɖo Rut ƒe nyuiwɔwɔ teƒe nɛ esime wòna wòɖe Boaz, eye wòdzi vi siwo nye mamayɔviwo la na Naomi. Mlɔeba la, ƒome sia mee Fia David va dzɔ tso.
Emenyawo
Naomi kple Rut zɔ mɔ va Betlehem (1:1-22)
Boaz, ame si nye dɔmenyotɔ aɖe (2:1-23)
Naomi ƒe tameɖoɖo (3:1-18)
Boaz wɔ eƒe ŋugbedodo dzi (4:1-22)
Селектирано:
Rut Ŋgɔdonyawo: AL
Нагласи
Копирај
Спореди
Сподели
Дали сакаш да ги зачуваш Нагласувањата на сите твои уреди? Пријави се или најави се
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.