Malaki 4

4
Aƒetɔ la ƒe ŋkeke
1Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa. 2Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene. 3Ekema gbe si gbe mawɔ esia la, mianye avuzi le ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye woanɔ abe dzofi ene le miaƒe afɔ te.
4“Miɖo ŋui ne miawɔ ɖe se siwo katã mede na Israel dukɔ la to nye dɔla, Mose dzi le Horeb to dzi la dzi.
5“Kpɔ ɖa, maɖo Nyagblɔɖila Eliya ɖe mi hafi Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo. 6Atrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu be nyemana fiƒode nava anyigba la dzi o.”

S'ha seleccionat:

Malaki 4: AL

Subratllat

Comparteix

Copia

None

Vols que els teus subratllats es desin a tots els teus dispositius? Registra't o inicia sessió

YouVersion utilitza galetes per personalitzar la teva experiència. En utilitzar el nostre lloc web, acceptes el nostre ús de galetes tal com es descriu a la nostra Política de privadesa