3 Mose Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Woŋlɔ Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia be wòanye agbalẽ na nunɔlawo alo Levitɔwo. Eƒo nu tso se siwo ku ɖe Israelviwo ƒe agbenɔnɔ, vɔsawo kple mawusubɔsubɔ ŋu. Eƒo nu tso vɔsa vovovowo kple ale si woawɔ woe, ŋkekenyui vovovowo, nunɔlawo kple woƒe dɔdeasiwo ŋuti.
Emenyawo
Vɔsawo ŋuti sewo (1:1–7:38)
Ɖoɖowo na nunɔlawo (8:1–10:20)
Se siwo ku ɖe kɔgbegblẽ kple ame ɖokui ŋuti kɔkɔ ŋu (11:1–15:33)
Avuléŋkeke la (16:1-34)
Ale si woanɔ agbe dzadzɛ le Mawu ŋkume (17:1–22:33)
Se siwo ku ɖe ŋkekenyuiwo kple ɣeyiɣi tɔxɛwo ŋu (23:1–25:55)
Nuwɔna siwo ahe Mawu ƒe yayra vɛ (26:1–27:34)

S'ha seleccionat:

3 Mose Ŋgɔdonya: AL

Subratllat

Comparteix

Compara

Copia

None

Vols que els teus subratllats es desin a tots els teus dispositius? Registra't o inicia sessió