1 Mose 2

2
1Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu.
2Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me. 3Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.
Mawu wɔ Adam da ɖe Edenbɔ me
4Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.
5Do ŋgɔ la, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o. 6Gake tsi dzi tso anyigba ƒe tume le teƒe aɖewo, eye wòtsa le anyigba la dzi. 7Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe.
8Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me. 9Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina.
10Tɔsisi aɖe tso Eden ƒe anyigba dzi tsa to abɔ la me hede tsii. Tɔsisi la ma ɖe alɔdze ene me. 11Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le. 12(Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.) 13Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi. 14Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la.
15Yehowa Mawu tsɔ ame la da ɖe Edenbɔ la me abe abɔdzikpɔla ene. 16Yehowa Mawu de se na ame la be, “Èkpɔ mɔ aɖu ati sia ati le abɔ sia me, 17gake mèkpɔ mɔ aɖu ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ ya o, elabena ne èɖui la, ku kee nàku.”
Mawu wɔ Eva
18Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”
19Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ. 20Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã.
Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o. 21Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la. 22Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ.
23Tete ame la do dzidzɔɣli be,
“Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me
kple lã tso nye lãme.
Woayɔe be ‘nyɔnu’,
elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”
24Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
25Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o.

Поточний вибір:

1 Mose 2: AL

Позначайте

Поділитись

Копіювати

None

Хочете, щоб ваші позначення зберігалися на всіх ваших пристроях? Зареєструйтеся або увійдіть

YouVersion використовує файли cookie для персоналізації вашого досвіду. Використовуючи наш вебсайт, ви приймаєте використання файлів cookie, як описано в нашій Політиці конфіденційності