1
Romatɔwo 6:23
Agbenya La
AL
Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.
Karşılaştır
Romatɔwo 6:23 keşfedin
2
Romatɔwo 6:14
Esia ta nu vɔ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te.
Romatɔwo 6:14 keşfedin
3
Romatɔwo 6:4
Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.
Romatɔwo 6:4 keşfedin
4
Romatɔwo 6:13
Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene.
Romatɔwo 6:13 keşfedin
5
Romatɔwo 6:6
Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu vɔ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu vɔ̃ azɔ o.
Romatɔwo 6:6 keşfedin
6
Romatɔwo 6:11
Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me.
Romatɔwo 6:11 keşfedin
7
Romatɔwo 6:1-2
Azɔ nu ka gblɔ ge míala? Ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi be Mawu nanɔ nublanui kpɔm na mí to míaƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔke mea? Gbeɖe! Aleke mí ame siwo ku na nu vɔ̃ la aganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã?
Romatɔwo 6:1-2 keşfedin
8
Romatɔwo 6:16
Ɖe mienyae bena ne mietsɔ mia ɖokui wɔ kluvi na ame aɖe, be miaɖo toe la, miezu kluvi na ame si mieɖoa toe la, eɖanye kluviwo na nu vɔ̃ hena ku alo kluviwo na toɖoɖo hena dzɔdzɔenyenye o mahã?
Romatɔwo 6:16 keşfedin
9
Romatɔwo 6:17-18
Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la. Woxɔ mi le nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.
Romatɔwo 6:17-18 keşfedin
Ana Sayfa
Kutsal Kitap
Okuma Planları
Videolar