Mose IV 13
13
Mose dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaan-nyigba dzi
(Mos V, 1.19-33)
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Tia ŋutsu ɖekaɖeka siwo nye kplɔlawo la tso toawo dometɔ ɖe sia ɖe me, eye nàdɔ wo ɖa ne woayi aɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba si tsɔm mele na Israelviwo la dzi.” 3Ale Mose dɔ wo ɖa tso Paran-gbedadaƒo, le Aƒetɔ ƒe gbeɖeɖe nu. Ŋutsuawo katã nye tatɔwo le Israelviwo dome. 4Wo ŋkɔwoe nye: Samua, Zakur vi, tso Ruben-to la me; 5Safat, Xor vi, tso Simeon-to la me; 6Kaleb, Yefune vi, tso Yuda-to la me; 7Yigal, Yosef vi, tso Isaxar-to la me; 8Hosea, Nun vi, tso Efrayim-to la me; 9Palti, Rafu vi, tso Benyamin-to la me; 10Gadiel, Sodi vi, tso Zebulon-to la me; 11Gadi, Susi vi, ame si nye Yosef ƒomeawo, tso Manase-to la me; 12Amiel, Gemali vi, tso Dan-to la me; 13Setur, Mixael vi, tso Aser-to la me; 14Naxbi, Wafsi vi, tso Naftali-to la me, 15Guel, Maxi vi, tso Gad-to la me. 16Ŋutsu siawoe Mose dɔ ɖa be woaɖatsa ŋku le anyigba la dzi. Etrɔ Hosea, Nun vi, ŋkɔ wòzu Yosua.
17Esi Mose dɔ wo la, egblɔ na wo be: “Miyi ɖe dzigbeme gome, eye miaɖo ta anyigbeme ahayi tonyigba la dzi. 18Milé ŋku ɖe anyigba la ƒe nɔnɔme kple edzinɔlawo ŋu. Mikpɔ ɖa be ame kakowoe le edzi loo, alo ame beliwoea? Wosɔ gbɔ loo, alo womesɔ gbɔ oa? 19Mikpɔ ɖa be anyigba la nyo loo, alo menyo o. Ale ke duawo le? Agbadɔwoe le wo me loo, alo mɔ́ sesẽwoe le wo mea? 20Anyigba la wɔa nu alo mewɔa nu oa? Atiwo le edzi loo, alo womele edzi oa? Milé dzi ɖe ƒo ne miatsɔ kutsetse aɖewo tso anyigba la dzi agbɔe.” Le ɣe ma ɣi me la, waintsetsewo dze ɖiɖi gɔme.
21Ale woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin-gbedadaƒo va se ɖe Rexob si te ɖe Xamat-mɔ la ŋu le dzigbeme. 22Azɔ woɖo ta anyigba la ƒe anyigbeme, eye wova Xebron, afi si Aximan, Sesai kple Talmai, ame siwo nye Anak, ame dzɔtsu la, ƒe dzidzimeviwo la nɔ. Wotso Xebron-du ƒe adrẽ megbe hafi wotso Zoan le Egipte. 23Esi wova Eskol-bali la me la, wotso waintsetse kpo ɖeka, eye ame eve ƒo ati ɖe eme tsɔ wòle wo dome. Wogbe yevuboɖa kple gbotsetsewo hã gbɔe. 24Wona ŋkɔ teƒe ma be Eskol-bali#13.24: ESKOL: Le Hebri-gbe me la, ŋkɔ sia gɔme nye “waintsetse.” le waintsetse si Israelviwo tso le afi ma la ta.
25Esi wotsa ŋku le anyigba la dzi vɔ ŋkeke bla ene megbe la, wotrɔ gbɔ 26va Mose kple Aron kpakple Israelviwo ƒe ha blibo la gbɔ le Kades le Paran-gbedadaƒo. Wogblɔ dɔgbedenyaawo na wo, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ gbɔe la hã fia wo. 27Wogblɔ na Mose be: “Míede ɖatsa ŋku le anyigba si dzi nèdɔ mí ɖa la dzi. Enye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, eye edzi kutsetse aɖewo nye esiawo. 28Ke ame siwo le anyigba la dzi koe nye ame kakowo, woƒe duwo sesẽ siwo woɖo gli ƒo xlã wo eye wololo ŋutɔ. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo siwo nye ame dzɔtsuwo la hã le afi ma. 29Amalekitɔwo le anyigba la ƒe anyigbeme; Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaantɔwo le Domeƒu la ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka ŋu.”
30Ke Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu heƒo nu de Mose dzi be: “Mina míayi fifi laa aɖaxɔ anyigba la. Ŋusẽ le mía ŋu míaɖu wo dzi.” 31Gake ŋutsu siwo hã de kple Kaleb la gblɔ be: “Míate ŋu anɔ te ɖe ame mawo nu o; wosesẽ wu mí.” 32Ale wode vɔvɔ̃ anyigba si dzi wode ɖatsa ŋku le la ŋu na Israelviwo. Wogblɔ be: “Anyigba si dzi míede ɖatsa ŋku la, vuvua edzinɔlawo. Afi ma tɔwo katã nye ame dzɔtsuwo. 33#Mos I, 6.4. Míekpɔ Nefilim Anak viŋutsuwo, ame siwo dzɔ tso Nefilimwo me hã le afi ma; wonye ame dzɔtsu kakowo sɔŋ. Míawo ya ɖeko míedze sue abe abɔ ene le wo gbɔ, eye nenema tututu woawo hã kpɔ míi.”
Trenutno izabrano:
Mose IV 13: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.