Mose IV 12
12
Wohe to na Miryam
1Mose ɖe Nubia-nyɔnu aɖe eye Miryam kple Aron ƒo nu tsi tre ɖe Mose ŋu 2gblɔ be: “Mose ɖeɖe koe Aƒetɔ ƒo nu kplia? Ɖe meƒo nu kple míawo hã oa?” Aƒetɔ se nya si wogblɔ. 3#Sir 45.4.Mose nye ame fatu; etɔgbe mele anyigba dzi o.” 4Enumake Aƒetɔ gblɔ na Mose, Aron kple Miryam be: “Mi ame etɔ̃a mido va nye agbadɔ gbɔ.” Wodo yi. 5Aƒetɔ ɖi va agbadɔ la nu le alilikpo dodo aɖe me heyɔ Aron kple Miryam. Wo kple evea do yi ŋgɔ, 6eye Aƒetɔ gblɔ be: “Mise nya si gblɔ ge mala na mi. Meɖea ɖokuinye fiaa ame si nye nye gbeƒãɖela le mia dome la le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me. 7#Heb 3.2. Ke nyemewɔa alea na nye dɔla Mose ya o. Metsɔ nye dukɔ bliboa dzikpɔkpɔ de esi. 8Nye ŋutɔ meƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye nyemeɣlaa nya aɖeke ɖee o; menana be nu sia nu me kɔna nɛ nyuie. Medzena nɛ kura gɔ̃ wòkpɔa Aƒetɔ ƒe nɔnɔme. Nu ka ta mievɔ̃a nuƒoƒo le nye dɔla Mose ŋu o?”
9Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe wo ŋu hedzo. 10Kasia esi alilikpo la nakɔ ɖa le agbadɔa dzi la, ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi aɖe si amewo vɔ̃na ŋutɔ la dze Miryam dzi enumake, eye eƒe ŋutigbalẽ fu kpii abe ɖetifu ene. Esi Aron trɔ kpɔe, eye wòkpɔ be edze ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi sia la, 11egblɔ na Mose be: “Meɖe kuku, bometsitsie na míewɔ nuvɔ̃ eya ta mègana woahe to na mí ɖe eta o. 12Mègana wòanɔ abe vidzĩ si ku ɖe dɔme na nɔa, eye eƒe akpa ɖeka ƒaƒã hafi wodzii la ene o.” 13Ale Mose do ɣli na Aƒetɔ be: “O, Mawu, meɖe kuku, yɔ dɔe dzro!” 14#Mos IV, 5.2, 3. Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Ɖe wònye tɔ́ae ɖe ta ɖe mo nɛ la, ŋu makpee ŋkeke adrẽ oa? Eya ta mina woasae ɖe aga wòanɔ asaɖa la godo ŋkeke adrẽ. Ema megbe la, woagakplɔe ava emee.” 15Ale wode Miryam xɔ ɖe asaɖa la godo ŋkeke adrẽ, eye dukɔ la meho o, va se ɖe esime wogakplɔe va asaɖa la me. 16Emegbe woho tso Xazerot, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Paran-gbedadaƒo.
Trenutno izabrano:
Mose IV 12: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.