1
Mose IV 13:30
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ke Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu heƒo nu de Mose dzi be: “Mina míayi fifi laa aɖaxɔ anyigba la. Ŋusẽ le mía ŋu míaɖu wo dzi.”
Uporedi
Istraži Mose IV 13:30
2
Mose IV 13:33
Míekpɔ Nefilim Anak viŋutsuwo, ame siwo dzɔ tso Nefilimwo me hã le afi ma; wonye ame dzɔtsu kakowo sɔŋ. Míawo ya ɖeko míedze sue abe abɔ ene le wo gbɔ, eye nenema tututu woawo hã kpɔ míi.”
Istraži Mose IV 13:33
3
Mose IV 13:31
Gake ŋutsu siwo hã de kple Kaleb la gblɔ be: “Míate ŋu anɔ te ɖe ame mawo nu o; wosesẽ wu mí.”
Istraži Mose IV 13:31
4
Mose IV 13:32
Ale wode vɔvɔ̃ anyigba si dzi wode ɖatsa ŋku le la ŋu na Israelviwo. Wogblɔ be: “Anyigba si dzi míede ɖatsa ŋku la, vuvua edzinɔlawo. Afi ma tɔwo katã nye ame dzɔtsuwo.
Istraži Mose IV 13:32
5
Mose IV 13:27
Wogblɔ na Mose be: “Míede ɖatsa ŋku le anyigba si dzi nèdɔ mí ɖa la dzi. Enye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, eye edzi kutsetse aɖewo nye esiawo.
Istraži Mose IV 13:27
6
Mose IV 13:28
Ke ame siwo le anyigba la dzi koe nye ame kakowo, woƒe duwo sesẽ siwo woɖo gli ƒo xlã wo eye wololo ŋutɔ. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo siwo nye ame dzɔtsuwo la hã le afi ma.
Istraži Mose IV 13:28
7
Mose IV 13:29
Amalekitɔwo le anyigba la ƒe anyigbeme; Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaantɔwo le Domeƒu la ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka ŋu.”
Istraži Mose IV 13:29
8
Mose IV 13:26
va Mose kple Aron kpakple Israelviwo ƒe ha blibo la gbɔ le Kades le Paran-gbedadaƒo. Wogblɔ dɔgbedenyaawo na wo, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ gbɔe la hã fia wo.
Istraži Mose IV 13:26