Logotip YouVersion
Search Icon

1 Mose 42

42
Yosef nɔviwo yi Egipte
1Esi Yakob se be bli nɔ Egipte la, egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele afi sia le mia nɔewo kpɔm ɖo? 2Mese be bli le Egipte. Miyi afi ma miaƒle bli vɛ hafi dɔ nawu mí míaku.”
3Ale Yosef nɔviŋutsu ewo yi Egipte be yewoaƒle bli. 4Ke Yakob mena Yosef nɔvi suetɔ Benyamin yi kpli wo o, elabena evɔ̃ be nya aɖe ava adzɔ ɖe edzi abe ale si wòdzɔ ɖe Yosef dzi ene. 5Ale Israel ƒe viwo kple ame bubuwo tso anyigba geɖewo dzi va ɖo Egipte be yewoaƒle bli, elabena dɔwuame la nu sesẽ le Kanaan abe teƒe ɖe sia ɖe ene. 6Esi wònye Yosef tututue nye dziɖula le Egipte katã, eye wònye eyae le blia dzi kpɔm ta la, eya gbɔe nɔviawo yi, eye wodze klo, de ta agu nɛ.
7Yosef dze si wo enumake, gake ewɔ abe ɖe menya wo kura o ene.
Eblu ɖe wo ta kple biabia sia be, “Afi ka mietso?”
Woɖo eŋu be, “Míetso Kanaanyigba dzi; míeva bli ƒle ge.”
8Togbɔ be Yosef kpɔ nɔviawo dze sii hã la, woawo ya mekpɔe dze sii o. 9Tete wòɖo ŋku eƒe drɔ̃e siwo wòku tso wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be, “Ŋkutsalawoe mienye! Ɖe mieva be yewoakpɔ afi si toƒe le le anyigba la ŋu.”
10Wogblɔ be, “Kpao! Amegã, nuɖuɖu ƒle ge ko míeva; 11nɔviwo mí katã míenye. Nuteƒewɔlawo míenye. Menye ŋkutsalawoe míenye o!”
12Etee ɖe wo dzi be, “Ɛ̃, ŋkutsalawoe mienye. Mieva be yewoakpɔ ale si nu te mía ŋui la ɖa.” 13Woɖe wo ɖokuiwo nu be, “Amegã, míele nɔviŋutsu wuieve; mía fofo le Kanaan. Mía nɔviŋutsu suetɔ le afi ma le mía fofo gbɔ, eye mía nɔviŋutsu ɖeka ku.”
14Yosef yi edzi be, “Nenema? Nu ka esia fia? Efia be ŋkutsalawoe mienye. 15Mɔ si dzi mato ado miaƒe nya la ƒe nyateƒenyenye kpɔe nye esi: meta Farao ƒe agbe na mi be miadzo le Egipte akpɔ o va se ɖe esime mia nɔvi suetɔ nava afi sia. 16Mia dometɔ ɖeka neyi wòakplɔ mia nɔvia vɛ! Made mi ame mamlɛawo gaxɔ me. Ekema míanya ne miaƒe nya la nye nyateƒe alo aʋatso. Ne eva eme be nɔviŋutsu suetɔ aɖeke mele mia si o la, ekema manya be ŋkutsalawoe mienye.”
17Ale wode wo gaxɔ me ŋkeke etɔ̃.
Yosef na nuɖuɖu nɔviawo wotsɔ yi aƒee
18Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be, “Mawuvɔ̃lae menye. Mana mɔnukpɔkpɔ mi be miana nyateƒe la nadze. 19Metsɔe be mienye nuteƒewɔlawo; mia dometɔ ɖeka koe atsi gaxɔ me le afi sia; ame bubuawo atsɔ bli ayi mia de na miaƒe ƒometɔwo. 20Ke ele be miakplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam be manya nenye nyateƒe tom miele, eye makpɔ nublanui na mi.” Wolɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.
21Wogblɔ na wo nɔewo be, “Vavãe wole to hem na mí ɖe nu si míewɔ ɖe mía nɔvia ŋuti la ta. Míekpɔ ale si wòxaxae esi wònɔ kuku ɖem na mí ɖe eƒe agbe ta, gake míedo tokui, eya tae xaxa sia va mía dzi ɖo.”
22Ruben gblɔ be, “Nyemegblɔe na mi be migawɔe oa? Miegbe toɖoɖom. Azɔ la, míele kuku ge, elabena míewui.”
23Womenya be Yosef se nya siwo gblɔm yewole le esime wòtsi tsitre ɖe wo gbɔ la gɔme o, elabena eƒoa nu na wo to nyagɔmeɖela aɖe dzi. 24Edzo le wo gbɔ yi teƒe aɖe, afi si wòate ŋu afa avi le. Esi wòtrɔ gbɔ la, etɔ asi Simeon dzi, eye wòna woblae le eŋkume. 25Emegbe la, Yosef ɖe gbe na eƒe subɔlawo be woade bli ameawo ƒe kotokuwo me, ke egagblɔ na wo le adzame be woatsɔ fe si wo dometɔ ɖe sia ɖe xe la ade eƒe nuɖuɖu dzi le kotokua me! Etsɔ nu si woaɖu le mɔa dzi la hã na wo. 26Ale wodo agba na woƒe tedziwo, eye wodze aƒemɔ dzi. 27Ke esi wotɔ ɖe afi aɖe, eye wo dometɔ ɖeka ʋu eƒe kotoku be yeaɖe blia ƒe ɖe na tedziawo la, ekpɔ eƒe ga le eƒe kotokua me!
28Edo ɣli gblɔ na nɔviawo be, “Mikpɔ nam ɖa! Nye gae nye esi le kotokua me!” Vɔvɔ̃ ɖo wo. Wode asi dzodzo me nyanyanya, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu kae nye esi Mawu wɔ na mí?” 29Ale wova ɖo wo fofo, Yakob gbɔ le Kanaan, eye wogblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ.
Yosef nɔviwo gblɔ nu si dzɔ la na Yakob
30Wogblɔ nɛ be, “Fia la ƒe kpeɖeŋutɔ blu ɖe mía ta, eye wòtsɔ mí abe ŋkutsalawo ene. 31Míegblɔ nɛ be, ‘Gbeɖe, nuteƒewɔlawo míenye, menye ŋkutsalawo míenye o. 32Míegagblɔ nɛ hã be nɔviŋutsu wuievee míenye, fofo ɖeka ƒe viwo; ɖeka ku, eye suetɔ le mía fofo gbɔ le Kanaanyigba dzi.’ 33Ŋutsu la gblɔ na mi be, ‘Mɔ si dzi mato anya ne mienye nu si miebe yewonye le nyateƒe me lae nye esi: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye le afi sia, eye miatsɔ bli ayi aƒee na miaƒe ƒometɔwo, 34gake mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam. Ekema manya nenye ŋkutsalawo mienye loo alo nuteƒewɔlawo mienye. Ne miete ŋu ɖe nu si miebe yewonye fia la, ekema maɖe asi le mia nɔvia ŋu na mi, eye miate ŋu ava aƒle bli le afi sia ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la.’ ”
35Esi wotrɔ bli la le kotokuawo me la, wokpɔ ga si woxe ɖe blia ta le kotokuawo me! Vɔvɔ̃ ɖo wo kple wo fofo siaa.
36Tete Yakob do ɣli be, “Miena vinyewo le bubum ɖem. Yosef metrɔ gbɔ o; Simeon hã yi, eye azɔ miedi be yewoakplɔ Benyamin hã ayii! Nu sia nu tsi tsitre ɖe ŋunye!”
37Ruben gblɔ na fofoa be, “Ne nyemekplɔ Benyamin gbɔe o la, ekema, wu vinye ŋutsuvi eveawo. Makpɔ Benyamin dzi wòanɔ dedie.”
38Ke Yakob ɖo eŋu be, “Vinye Benyamin mayi kpli mi o, elabena nɔvia Yosef ku, eye Benyamin koe nye dadaa ƒe vi si susɔ. Ne nane wɔe la, ku ko maku.”

Currently Selected:

1 Mose 42: AL

Označeno

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion za prilagajanje tvoje izkušnje uporablja piškotke. Z uporabo našega spletnega mesta se strinjaš z našo uporabo piškotkov, kot je opisano v naši Politiki zasebnosti