Logotip YouVersion
Search Icon

1 Mose 32

32
Yakob tsɔ nunanawo na Esau
1Yakob kple eƒe amewo gadze mɔ, eye mawudɔlawo va do goe. 2Esi Yakob kpɔ wo la, edo ɣli be, “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Eya ta ena ŋkɔ teƒea be Mahanaim.
3Yakob dɔ amewo ɖe foa Esau gbɔ le Edom le Seirnyigba dzi. 4Egblɔ na wo bena, “Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: ‘Nye Wò dɔla Yakob, meyi ɖanɔ mía nyrui, Laban gbɔ va se ɖe egbe. 5Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’ ”
6Ame dɔdɔawo trɔ tso Esau gbɔ va gblɔ na Yakob be Esau gbɔna Yakob kpe ge kple ame alafa ene! 7Vɔvɔ̃ ɖo Yakob. Ema eƒe amewo kple lãhawo kpakple kposɔwo ɖe akpa eve, 8elabena egblɔ be, “Ne Esau adze hatsotso ɖeka dzi la, ɖewohĩ hatsotso evelia me tɔwo ate ŋu asi.”
9Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la, 10nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve! 11O, Yehowa, meɖe kuku na wò, ɖem tso tsɔtsrɔ̃ me le fonye Esau ƒe asi me, elabena mele vɔvɔ̃m ŋutɔ be ava ho aʋa ɖe nye ŋutɔ, srɔ̃nyewo kple vinyewo ŋu. 12Ke èdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam, eye yeana nye dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake ene, eye womate ŋu axlẽ wo o.”
13Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau: 14gbɔ̃nɔ alafa eve kple gbɔ̃tsu blaeve, alẽnɔ alafa eve kple agbo blaeve, 15kposɔnɔ blaetɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ blaene kple nyitsu ewo, tedzinɔ blaeve kple tedzitsu ewo.
16Egblɔ na eƒe subɔlawo be woadze ŋgɔ kple lãha siawo, lãha ɖe sia ɖe nanɔ eɖokui si, eye dometsotso nanɔ wo dome. 17Egblɔ na ame siwo le lãha gbãtɔ kplɔm la be ne wodo go Esau, eye wòbia wo be, “Afi ka yim miele? Ame ka ƒe subɔlawo mienye? Ame ka ƒe lãwoe nye esiawo?” la, 18woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!” 19Yakob gblɔ nya mawo ke na lãkplɔla bubuawo hã be woagblɔ na Esau. 20Yakob ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpata Esau kple nunanawo hafi yeado goe ŋkume kple ŋkume! Yakob kpɔ mɔ be, “Ɖewohĩ axɔ mí nyuie.” 21Ale wòɖo nunanawo ɖa do ŋgɔ, eye Yakob gatsi asaɖa me dɔ.
Yakob te kame kple mawudɔla aɖe
22Le zã me la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotso Yɔdan tɔsisi la le tɔtsoƒe si ŋkɔe nye Yabok. 23Ale wòkplɔ wo tso tɔ lae kple eƒe nunɔamesiwo katã. 24Yakob trɔ va asaɖa la me, eye eya ɖeka nɔ afi ma. Ŋutsu aɖe te kame kplii va se ɖe fɔŋli. 25Esi ŋutsu la kpɔ be yemate ŋu aɖu Yakob dzi o la, etɔ asi Yakob ƒe aligo, eye ƒuawo gli le enu.
26Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.”
Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.”
27Ŋutsu la biae be, “Ŋkɔwò ɖe?”
Eɖo eŋu be, “Yakob.”
28Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.”
29Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma.
30Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.”
31Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me. 32Esia ta Israelviwo meɖua ka titri si to lãwo ƒe aligo dzi o, elabena wotɔ asi ka si le Yakob ƒe aligokpeƒe la dzi.

Currently Selected:

1 Mose 32: AL

Označeno

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion za prilagajanje tvoje izkušnje uporablja piškotke. Z uporabo našega spletnega mesta se strinjaš z našo uporabo piškotkov, kot je opisano v naši Politiki zasebnosti