Logotip YouVersion
Search Icon

1 Mose 10

10
Noa ƒe dzidzimeviwo
1Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale:
2Yafet ƒe viwoe nye:
Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras.
3Gomer ƒe viŋutsuwoe nye:
Askenaz, Rifat kple Togarma.
4Yavan ƒe viŋutsuwoe nye:
Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo. 5(Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.)
6Ham ƒe viŋutsuwoe nye:
Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
7Kus ƒe viŋutsuwoe nye:
Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka.
Raama ƒe viŋutsuwoe nye:
Seba kple Dedan.
8Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi. 9Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.” 10Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã. 11Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala 12kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la.
13Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye:
Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, 14Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo.
15Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye:
Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. 16Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, 17Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, 18Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo.
(Kanaan ƒe dzidzimeviwo kaka 19tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)
20Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si.
21Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber.
22Sem ƒe dzidzimeviwoe nye:
Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram.
23Aram ƒe dzizimeviwoe nye:
Uz, Hul, Geter kple Mas.
24Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber.
25Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo.
26Yoktan ƒe viwoe nye:
Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera, 27Hadoram, Uzal, Dikla, 28Obal, Abimael, Seba, 29Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo.
30(Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.)
31Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu.
32Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me.

Currently Selected:

1 Mose 10: AL

Označeno

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion za prilagajanje tvoje izkušnje uporablja piškotke. Z uporabo našega spletnega mesta se strinjaš z našo uporabo piškotkov, kot je opisano v naši Politiki zasebnosti