Ʋɔnudrɔ̃lawo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Woŋlɔ nya siwo dzɔ ƒe alafa aɖewo tso esime Israelviwo xɔ Kanaanyigba la ɖe Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽ la me. Le ɣeyiɣi siawo me la, ame ɖekaɖeka aɖewo ɖu Israel dzi. Woyɔa dziɖula siawo be Ʋɔnudrɔ̃lawo alo Ɖelawo. Woƒe dɔwɔwɔ ku ɖe aʋawɔwɔ ŋu be woanya anyigba la dzi nɔlawo ɖa le anyigba la dzi. Míalé ŋku ɖe nublanuinya aɖe si dzɔna edziedzi le Israel ƒe ŋutinya me la ŋu. Eyae nye Israelviwo ƒe tsitretsitsi ɖe Mawu ŋu kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wo, si wɔnɛ be futɔwo hoa aʋa ɖe wo ŋu. Ne edzɔ alea la, Israelviwo ƒoa koko na Mawu eye Mawu ɖoa “Ʋɔnudrɔ̃la” aɖe ɖa be wòaɖe wo. Nya sia tɔgbi dzɔ zi geɖe le agbalẽ la me. Ke enye nublanuinya be Israelviwo mede dzesii be aglãdzedze ɖe Mawu ŋu hea dzɔgbevɔ̃e vaa ame dzii o.
Emenyawo
Nya tso Agbalẽa ŋu (1:1–3:7)
Israel ƒe gege ɖe futɔwo si me zi geɖe kple woƒe ɖeɖekpɔkpɔ vovovoawo (3:8–16:31)
Kɔnyinyiwo le Ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli (17:1–21:25)

Podkreślenie

Kopiuj

Porównaj

Udostępnij

None

Chcesz, aby twoje zakreślenia były zapisywane na wszystkich twoich urządzeniach? Zarejestruj się lub zaloguj