elabena Yehowa, miaƒe Mawu la le mia kplɔm yina anyigba nyui la dzi, afi si tɔʋuwo, tawo, tsi dzidziwo, balimewo kple towo le. Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi. Nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba sia dzi. Naneke mehiãa ame le afi ma o. Gayibɔ bɔ ɖe afi ma abe kpe ene, eye akɔbli sɔ gbɔ ɖe towo me.