Ne Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye ne etsɔ du gã siwo me nu nyuiwo le na wò, du siwo mètso o, vudo siwo mèɖe o, waingble siwo mède o kple amiti siwo mèdo o, eye ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kpɔ nyuie be, màŋlɔ Yehowa si kplɔ wò tso Egiptenyigba dzi, tso kluvinyenye me la be o.