Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me, ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene.