Vai al contenuto

Samuel II 12

12
Natan ƒe gbedeasi kple David ƒe dzimetɔtrɔ
1Tete Aƒetɔ dɔ eƒe gbeƒãɖela Natan ɖo ɖe David. Esi wòva egbɔ la, egblɔ nɛ be: “Ŋutsu eve nɔ du aɖe me kpɔ. Ɖeka nye kesinɔtɔ eye evelia nye ame dahe. 2Alẽ kple nyiwo nɔ kesinɔtɔ la si fũu. 3Ke naneke menɔ ame dahe la ya si o, negbe alẽnɔevi sue ɖeka si wòƒle la koe nɔ esi. Enyii eye wòtsi kple viawo. Alẽvia nɔ nɛ ko abe via nyɔnuvi ene elabe nu si wòɖuna la eya kee alẽvia hã ɖuna, eƒe tsinonu gɔ̃ nue alẽvia noa tsi le, eye wòdɔa alɔ̃ ɖe eƒe atata. 4Gbe ɖeka la, mɔzɔla aɖe va dze kesinɔtɔ la. Medi be yealé ye ŋutɔ ƒe alẽwo alo nyiwo dometɔ aɖeke awɔ nuɖuɖu na amedzro si va egbɔ la o. Ke eyi ɖalé ame dahea ƒe alẽvia heɖa nui na amedzro si va dze egbɔ la.” 5Tete dzi ku David vevie ɖe kesinɔtɔ la ŋu, eye wògblɔ be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la; ŋutsu si wɔ nu sia la dze na ku, 6eye ele be wòaɖo alẽvi la teƒe zi ene elabe ewɔ nu sia eye ame ƒe nu mewɔ nublanui nɛ o.”
7Natan gblɔ na David be: “Wòe nye ŋutsua. Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, le gbɔgblɔm be: ‘Mesi ami na wò heɖo wò fia ɖe Israel nu, eye meɖe wò tso Saul si me. 8Metsɔ eƒe fiaɖuƒe na wò eye srɔ̃awo zu tɔwò. Meɖo wò fia ɖe Israel kple Yuda nu. Ne nu siawo mesɔ gbɔ na wò o la, magate ŋu atsɔ nu bubuwo akpe wo na wò hafi ɖe. 9Nu ka ta nèdo vlo Aƒetɔ ƒe nya hewɔ nuvɔ̃ɖi sia le eŋkume. Èwu Uriya, Hititɔ la kple yi; eye nèxɔ srɔ̃a ɖe! Amonviwo ƒe yie nètsɔ wui. 10Azɔ la, hlɔ̃dodo madzo le aƒewò me o elabe èdo vlom, eye nèxɔ Uriya, Hititɔ la srɔ̃ ɖe. 11#Sam II, 16.22.Kpɔ ɖa, mana ame natso wò ŋutɔ aƒewò me ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò. Àkpɔ eteƒe ne mexɔ srɔ̃wòwo le asiwò tsɔ na hawòvi, eye wòade asi wo ŋu le ŋdɔkutsu me. 12Wò ya èwɔe le ɣaɣlaƒe, ke nye la, mele ewɔ ge le ŋdɔkutsu me, ne Israel bliboa nakpɔ.’ ” 13David gblɔ be: “Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu.” Natan ɖo eŋu be: “Aƒetɔ tsɔ wò nuvɔ̃ la ke wò; mèle kuku ge o. 14Ke esi wò nuwɔna sia zu fewuɖunu ɖe Aƒetɔ ŋu ta la, ɖevi si wodzi na wò la aku.” 15Emegbe Natan yi aƒeme.
Ŋutsuvi si wodzi na David la ku
Aƒetɔ na ŋutsuvi si Uriya srɔ̃ Batseba dzi na David la dze dɔ sesĩe. 16Ale David do gbe ɖa na Mawu vevie be wòana ɖevia ƒe lã me nasẽ. Etsi nu dɔ eye le zã me la, egena ɖe xɔ me, mlɔa anyigba tsia afi ma dɔna. 17Eƒe aƒeme megãwo va egbɔ eye wodze agbagba be yewoana wòafɔ le anyigba, ke egbe fɔfɔ eye wògbe nu hã ɖuɖu kpli wo. 18Le ŋkeke adrẽa gbe la, ɖevia ku, eye David ƒe dɔlawo nɔ nyaa gbɔgblɔ nɛ vɔ̃m. Wogblɔ be: “Ne míegblɔ nya aɖe nɛ esime ɖevia le agbe la, meɖoa nya aɖeke ŋu na mí o, ko míahagblɔ nɛ azɔ be ɖevia kua? Ɖe mawɔ nu vevi eɖokui oa?” 19Esi David kpɔ be yeƒe dɔlawo le dalĩ dom na wo nɔewo la, edze sii be ɖevia ku. Ale wòbia wo be: “Ɖevia ɖe wòkua?”
Woɖo eŋu be: “Ẽ, eku.” 20Tete David tso le anyigba. Ele tsi, si ami, ɖɔli eƒe awuwo eye wòyi Aƒetɔ ƒeme ɖasubɔe. Esi wògbugbɔ va eƒeme la, ebia be woatsɔ nuɖuɖu vɛ eye wotsɔe vɛ nɛ wòɖu. 21Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be: “Wò nuwɔna sia gɔme ɖe? Esime ɖevia le agbe la, ètsi nu dɔ kple avi. Ke esi ɖevia nyaku ko la, ètsi tsitre, ɖu nu.” 22David ɖo eŋu be: “Nyateƒe, esime ɖevia le agbe la, metsi nu dɔ kple avi elabe mebu be ɖewohĩ Aƒetɔ akpɔ nublanui nam, eye wòana ɖevia natsi agbe. 23Ke azɔ esi wòku la, nu ka ta matsi nu adɔ? Ɖe mate ŋu agbɔ agbe ɖevia? Nye koe ava yi egbɔ gbe aɖe gbe, ke eya mate ŋu atrɔ va gbɔnye gbeɖe o.”
Wodzi Salomo
24Emegbe David fa akɔ na srɔ̃a Batseba. Edɔ kplii eye wòdzi ŋutsuvi. David na ŋkɔe be Salomo. Aƒetɔ lɔ̃ ɖevia ƒe nya 25eye wòna eƒe gbeƒãɖela Natan yi ɖana ŋkɔe be Yedidiya#12.25: YEDIDIYA: Ŋkɔ sia gɔme le Hebri-gbe me nye “ame si ƒe nya Aƒetɔ lɔ̃.” elabe Aƒetɔ lɔ̃ eƒe nya.
David xɔ Raba-du
(Kron I, 20.1-3)
26Le ɣeyiɣi sia me la, Yoab gale aʋagbea dzi be yeaxɔ Raba si nye Amonviwo ƒe fiadu. 27Edɔ amewo ɖo ɖe David be woayi ɖagblɔ nɛ be: “Mele aʋa dzi kple Raba eye mexɔ woƒe tsikuƒe. 28Fifia la, ƒo aʋakɔ si susɔ la nu ƒu eye nàɖe to ɖe dua, ne wò ŋutɔ nàxɔe. Nyemedi be maxɔe ne woayɔ nye ŋkɔ ɖe eŋu o.” 29Ale David ƒo aʋakɔ blibo la nu ƒu yi Raba, wɔ aʋa kple dua hexɔe. 30Woɖe fiakuku le woƒe fia Milkom ta. Sika si le kukua ŋu la ƒe kpekpeme de kilo bla etɔ̃ vɔ atɔ̃; kpe xɔasi aɖe le eme. David xɔ fiakuku la ɖɔ. Elɔ aboyonu geɖe tso dua me gbɔe. 31Ekplɔ ame siwo le dua me la gbɔe, eye wova nɔa ati dzem, nɔa kpe kpam, nɔa nake fɔm nɔa anyikpe mem. Aleae wòwɔ Amonviwo ƒe duwo katã me nɔlawoe. Emegbe la, David kple aʋakɔ blibo la trɔ va Yerusalem.