Vai al contenuto

Samuel II 11

11
David kple Batseba
1 # Kron I, 20.1. Ƒe trɔ, eye kuɖiɣi si fiawo hoa aʋa la gaɖo. Ale David ɖo Yoab kple eŋumewo kpakple Israel-ʋakɔ blibo la ɖe aʋagbedzi. Woɖu Amonviwo dzi eye woɖe to ɖe Raba-dua; ke David ŋutɔ ya tsi Yerusalem.
2Gbe ɖeka ɣetrɔ me, esi David dɔ ŋdɔlɔ̃ vɔ la, eyi ɖe eƒe fiasã la tame, nɔ tsa ɖim le afi ma. Ekpɔ nyɔnu aɖe wònɔ tsi lem. Nyɔnua nyakpɔ nɛ ŋutɔ. 3David dɔ ame woyi ɖabia nyɔnua gɔme se, eye wogbɔ va gblɔ nɛ be Eliam vinyɔnue. Eŋkɔe nye Batseba eye srɔ̃ae nye Uriya, Xititɔ la. 4David ɖo ame ɖa wòyi ɖakplɔ nyɔnua vɛ, eye wòde asi eŋu. Nyɔnua ɖeko wòɖo asi nyi vɔ teti hele eɖokui dzram ɖo koe nye ekem. Azɔ la, etrɔ yi aƒeme. 5Emegbe nyɔnua kpɔ be yefɔ fu, eye wòdɔ ame woyi ɖagblɔe na David.
6Tete David dɔ ame ɖe Yoab be: “Ɖo Uriya, Xititɔ la ɖem!” Ale Yoab ɖoe ɖee. 7Esi Uriya va la, David bia Yoab kple aʋakɔ la ƒe dɔdɔ kple ale si aʋa la le edzi yim la ta se. 8Azɔ egblɔ na Uriya be: “Yi aƒeme nàɖaklɔ afɔ.” Ale Uriya dzo le fia ƒe aƒea me, eye David ɖo nunana ɖe eyome. 9Ke Uriya tsi eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo gbɔ dɔ le fia ƒe agbo nu, eye meyi eƒeme o. 10Esi David se be Uriya meyi eƒeme o la, ebiae be: “Menye mɔdzi nètso gbɔ oa? Nu ka ta mèyi aƒewò me o?” 11Uriya ɖo eŋu be: “Nubablaɖaka la, Israel kple Yuda-dukɔmetɔwo le agbadɔ me le aʋagbedzi, eye nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒu asaɖa anyi ɖe gbegbe; ɖe mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu, ahamlɔ srɔ̃nye gbɔa? Metà wò kple wò agbe, ne mawɔ nu sia fĩi!” 12Ale David gblɔ nɛ be: “Tsi afii egbe kple etsɔ ne mado mɔ wò etsɔ nàdzo.” Ale Uriya tsi Yerusalem gbe ma gbe kple ŋufɔke. 13David kpee wòva ɖu nu, no nu le egbɔ, eye wòna ahae wòno mu. Ke le gbe ma gbe ƒe zã me hã la, Uriya meyi eƒeme o. Edo yi ɖamlɔ eƒe aba dzi le eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo gbɔ.
14Esi ŋu ke ŋdi la, David ŋlɔ agbalẽ de Uriya si ɖo ɖe Yoab. 15Agbalẽa me nyae nye esi: “Miɖe Uriya ɖo ŋgɔ, ne wòanɔ afi si aʋa la nu sẽ le. Mide megbe le eŋu ne woawui.” 16Esime Yoab kple eƒe amewo ƒo xlã dua la, eɖe Uriya ɖo ɖe afi si wònya be futɔwo sesẽ le. 17Tete dua me srafowo do va wɔ aʋa kple Yoab ƒe asrafowo eye wowu David ƒe asrafo vevi geɖe; Uriya hã nɔ aʋatsilaawo dome. 18Azɔ Yoab dɔ ame be woayi ɖagblɔ nyadzɔdzɔawo katã na David. 19Egblɔ na amedɔdɔa be: “Nenye be ègblɔ aʋagbedzi nyadzɔdzɔawo katã na fia vɔ la, 20ele dziku do ge abia wò be ‘Nu ka ta miete ɖe dua ŋu nenema hafi kpe aʋa kpli wo? Mienyae be woate ŋu anɔ glia dzi até mi oa? 21#Ɖel 9.53. Ɖe mieŋlɔ ale si wowu Abimelex, Gideon vi la bea? Ɖe menye gli dzi nyɔnu aɖe nɔ xlã tevi ɖee wòku le Tebez oa? Nu ka ta koŋ miete ɖe glia ŋu kpuie nenema?’ Ne fia la bia nya sia wò la, gblɔ nɛ be: ‘Wowu wò dɔla Uriya hã.’ ”
22Ale amedɔdɔ la yi David gbɔ ɖagblɔ Yoab ƒe gbedeasi la nɛ. 23Egblɔ na fia la be: “Míaƒe futɔawo sesẽ wu mí. Wodo le dua me va kpe mí le gbadzaƒe, ke míenɔ te ɖe wo nu, tutu wo va ɖo agboa nu ke. 24Tete woƒe aŋutrɔdalawo le gli dzi nɔ aŋutrɔ dam mí, eye woté wò asrafo vevi aɖewo woku; wowu wò dɔla Uriya hã.” 25David gblɔ na amedɔdɔ la be: “Gblɔ na Yoab be: ‘Mègana nyadzɔdzɔ sia naɖe fu na wò o, elabe yi wua ame sia ame le aʋa me. Wɔ aʋa kple ŋusẽ eye nàɖu edzi.’ De dzi ƒo nɛ.”
26Batseba se be wowu ye srɔ̃ eye wòfae vevie. 27Esi wòwɔ aho vɔ la, David dɔ ame woyi ɖakplɔe va fiaƒea mee. Ezu srɔ̃a eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Ke nu si David wɔ la medze Aƒetɔ ŋu o.