Fiawo II 4
4
Ahosi dahe la ƒe ami dzi ɖe edzi
1Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃la ɖeka srɔ̃ va fa konyi na Elisa be: “Srɔ̃nye, wò dɔla ku! Abe ale si nènya ene la, evɔ̃a Aƒetɔ. Azɔ eƒe fetɔ va be yealé vinye ŋutsuvi eveawo awɔ kluviwoe.” 2Elisa biae be: “Nu ka mawɔ na wò? Nu ka le asiwò le aƒeme? Gblɔe nam.” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Naneke mele wò dɔlanyɔnu si wu amigoe ɖeka pɛ ko o.” 3Elisa gblɔ nɛ be: “Do yi nàɖaɣe amigo ƒuƒluwo le wò aƒelikawo si. Wonesɔ gbɔ fũu. 4Eyome yi aƒeme eye wò kple viwòwo miado ʋɔ ɖe mia ɖokui nu. Azɔ mitrɔ ami la kɔ ɖe go siawo katã me, ne go aɖe yɔ la, miatsɔe da ɖe axa dzi.” 5Ale nyɔnua dzo le Elisa gbɔ, eye woɖado ʋɔ ɖe eya kple via ŋutsuawo nu. Viawo le goeawo tsɔm vɛ, eye eya le amia kɔm ɖe wo me. 6Esi goeawo katã yɔ vɔ la, egagblɔ na via be: “Gatsɔ bubu vɛ.” Eɖo eŋu nɛ be: “Ðeke megali o.” Tete amia nu tso. 7Eva gblɔe na Mawu ƒe ame la, eye wòɖo eŋu nɛ be: “Yi ɖadzra amia ne nàtsɔ axe ŋuwò fe lae, eye miatsɔ esi susɔ la kpɔ mia ɖokui dzi.”
Elisa kple Sunem-nyɔnu kesinɔtɔ la
8Gbe ɖeka la, Elisa va to Sunem yina. Nyɔnu kesinɔtɔ aɖe si le afi ma la kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ. Ale tso ɣe ma ɣi dzi la, ne eva yina la, etoa nyɔnua gbɔ ɖua nu godoo. 9Nyɔnua gblɔ na srɔ̃a gbe ɖeka be: “Meka ɖe dzi be ŋutsu si va le mía gbɔ tom edziedzi la, Mawu ƒe ame kɔkɔe wònye. Taflatsɛ, 10na míatu glixɔ sue aɖe ɖe míaƒe xɔ tame nɛ. Míatsɔ abati, kplɔ̃, ablegɔ kple akaɖi ada ɖe eme, ale be ne wòva dze mía gbɔ la, wòanɔ afi ma.” 11Eva eme be Elisa gayi Sunem, eye wòɖadze xɔtaxɔa me be yeagbɔ ɖe eme. 12Edɔ eƒe dɔla Gexazi be: “Yɔ Sunem-nyɔnua nam.” Eyɔe. Esi wòva la, 13Elisa be Gexazi negblɔ nɛ be: “Aƒenɔ, èdze gbagba wɔ dɔmenyo geɖe ŋutɔ na mí, nu ka míawɔ na wò? Nya aɖe li magblɔ na fia alo aʋakplɔla na wòa?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Mía detɔwo domee mele.” 14Elisa bia Gexazi be: “Ke nu ka gɔ̃ woawɔ nɛ?” Eɖo eŋu be: “Nyateƒe vi mele esi o, eye srɔ̃a hã tsi.” 15Egblɔ be: “Gayɔe vɛ.” Eɖayɔe wòva tsi tsitre ɖe mɔa nu. 16#Mos I, 18.14. Elisa gblɔ nɛ be: “Le ƒe si gbɔna ƒe ɣeleawoɣi la, viŋutsuvi anɔ akɔ na wò.” Nyɔnua do ɣli be: “Kpao, nye aƒetɔ, Mawu ƒe ame, mègable wò dɔlanyɔnu o.” 17Nyɔnua va fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi le ɣeyiɣia dzi tututu abe ale si Elisa gblɔe ene.
18Ðevia va tsi. Gbe ɖeka eyi tɔ́a gbɔ le nuŋelawo gbɔ. 19Tete ɖevia yɔ tɔ́a be: “Ao, nye ta! Nye ta!” Tɔ́a gblɔ na eƒe dɔla be: “Kɔe yi na nɔa!” 20Dɔlaa kɔ ɖevia yi na nɔa. Elée ɖe akɔ va se ɖe esime wòku le ŋdɔ me. 21Ekɔe yi Mawu ƒe ame la ƒe xɔa me, tsɔe mlɔ eƒe aba dzi, eye wòdo go hedo ʋɔa ɖe nu. 22Tete wòyɔ srɔ̃a gblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, ɖo dɔlaawo dometɔ ɖeka ɖa ne wòatsɔ tedzi ɖeka vɛ. Medi be mayi Mawu ƒe ame la gbɔ fifi laa, mava.” 23Nu ka ta nèbe yeayi egbea? Egbe menye dzudzɔgbe alo Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui#4.23: Dzudzɔgbe alo Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui: Amewo buna be ŋkeke kɔkɔe siawo nye ŋkekenyuitɔ siwo dzi wòle be ame nayi ɖabia nu le Mawu ƒe gbeƒãɖela gbɔ. hã o ɖe.” Eɖo eŋu be: “Menye naneke tae o.” 24Tete wòna wobla akpa na tedzia, eye wògblɔ na dɔlaa be: “Do du tedzia sesĩe; mègatɔm ɖe afi aɖeke o, negbe ɖe megblɔe na wò hafi.” 25Ale wòdze mɔ va ɖo Mawu ƒe ame la gbɔ le Karmel-to la dzi. Esi Mawu ƒe ame la kpɔe le adzɔge la, egblɔ na eƒe dɔla Gexazi be: “Kpɔ Sunem-nyɔnu la ɖa. 26Ƒu du yi ɖakpee nàbiae be: ‘Èdɔa? Srɔ̃wò dɔa? Ðevia hã dɔa?’ ” Eɖo eŋu be: “Wodɔ.” 27Ke esi nyɔnua va Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi la, elé eƒe afɔwo. Gexazi lũ ɖe edzi be yeatutui ɖa; ke Mawu ƒe ame la gblɔ be: “Ðe asi le eŋu elabe ele nu xam vevie, gake Aƒetɔ ɣlae ɖem, meɖee fiam o.” 28Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Nye aƒetɔ, ɖe mebia vi wòa? Nyemegblɔ na wò be mègaflum oa?” 29Ale Elisa gblɔ na Gexazi be: “Dzra ɖo kaba nàdze mɔ. Tsɔ nye atizɔti nàyi. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o, eye ne ame aɖe do gbe na wò hã la, mègalɔ̃ o. Yi ɖatsɔ atizɔtia da ɖe ŋutsuvia ƒe mo.” 30Tete vi nɔa gblɔ be: “Metà Aƒetɔ ƒe agbe kple wò ame gbagbe sia! Ne magblẽ wò ɖi fĩi!” Ale wòtso dze nyɔnua yome. 31Gexazi do ŋgɔ na wo va tsɔ atizɔti la da ɖe ɖevia ƒe mo, gake mese gbeɖiɖi aɖeke alo kpɔ agbe ƒe dzesi aɖeke o. Ke egbugbɔ yi ɖado go Elisa heto nɛ be: “Ŋutsuvia menyɔ o.”
32Esi Elisa va ɖo aƒea me la, ekpɔ ɖevi kuku la wòtsɔ mlɔ eƒe aba dzi. 33Elisa ge ɖe xɔa me, do ʋɔa ɖe wo kple evea nu, eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ. 34#Fia I, 17.21.Emegbe ede abatia dzi tsyɔ akɔ ɖe ɖevia dzi. Etsɔ eƒe nu ɖo eƒe nu, eƒe ŋku ɖe eƒe ŋku dzi, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe asiwo me. Edra ɖe ɖevia dzi nenema va se ɖe esime dzo ɖo lã me nɛ. 35Efɔ le ɖevia dzi, ɖi le abatia dzi zɔ yi, zɔ gbɔ le xɔa me. Egade abatia dzi, gatsyɔ akɔ ɖe ɖevia dzi. Tete ɖevia nyè zi adrẽ, eye wòʋu ŋku. 36Ale Elisa yɔ Gexazi gblɔ nɛ be: “Yɔ Sunem-nyɔnua nam.” Esi woyɔe vɛ la, Elisa gblɔ nɛ be: “Xɔ viwòa!” 37Tete nyɔnua ɖabɔbɔ ɖe Elisa ƒe afɔnu de ta agu, eye wòkɔ via do go dzo.
Elisa gawɔ nukunu bubuwo
38Elisa gbugbɔ yi Gilgal. Eva eme be dɔ to le anyigbaa dzi. Gbe ɖeka esime gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃lawo bɔbɔ nɔ Elisa gbɔ la, egblɔ na eƒe dɔla be: “Ðo ze gã la dzo dzi ne nàɖa nu na wo. 39Tete ame ɖeka yi agble be yeada ama vɛ. Ekpɔ gbemeka aɖe eye wògbe eƒe tsetsewo fũu lɔ ɖe avɔ me gbɔe. Esi wògbɔ la, efli wo de zea me, ke womenya nu si tutu ye o. 40Etsɔ nuɖuɖua ɖo ameawo kɔ me be woaɖu. Ke esi wode nua nu me la, wodo ɣli be: “Mawu ƒe ame, ku le zea me!” Ale womete ŋu ɖu nua o. 41Elisa gblɔ be: “Miku wɔ vɛ.” Ekɔ wɔa ɖe zea me, eye wògblɔ be: “Mitrɔe ɖo ameawo kɔme, ne woaɖu.” Ale nu gbegblẽ aɖeke meganɔ zea me o. 42Ŋutsu aɖe tso Baal-Salisa va Elisa gbɔ kple lu yeye bolo bla eve kpakple bli yeye ɖe kotoku me. Elisa be: “Tsɔe na ameawo ne woaɖu.” 43Ke eƒe dɔlaa bia be: “Ale ke matsɔ nu sia aɖo ame alafa ɖeka kɔmee?” Elisa ɖo eŋu be: “Mebe tsɔe na ameawo ne woaɖu elabe Aƒetɔ be: ‘Woaɖui, wòatsi anyi.’ ” 44Ale dɔlaa tsɔ nuɖuɖua na wo, woɖui wòtsi anyi abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.