Vai al contenuto

Fiawo II 3

3
Aʋa dzɔ ɖe Israel kple Moab dome
1Yoram, Axab vi zu fia ɖe Israel dzi, le Samaria, le Yuda-fia Yosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me. Eɖu fia ƒe wui eve. 2Ewɔ vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume; ɖeko eya tɔ mede tɔ́a kple nɔa tɔ nu o. Eɖe Baal ƒe legba si tɔ́a wɔ la ɖa. 3Ke elé Yerobeam, Nebat vi, ƒe nuvɔ̃ si me wòble Israel dee la ɖe asi, eye metrɔ le eyome o.
4Moab-fia Mesa nye alẽnyila, eye ƒe sia ƒe la, edzɔa alẽvi akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu na Israel-fia. 5Ke esi fia Axab ku la, Mesa dze aglã ɖe Israel-fia Yoram ŋu. 6Enumake fia Yoram tso Samaria, eye wòɖaƒo Israel-ʋakɔwo nu ƒu. 7Eyi ɖadɔ ame ɖo ɖe Yuda-fia Yosafat be: “Moab-fia dze aglã ɖe ŋunye; àho aʋa ɖe eŋu kplima?” Fia Yosafat ɖo eŋu be: “Míayi! Nye kpli wòe. Nye dukɔ kple wò dukɔe; nye sɔwo kple wò sɔwoe!” 8Ebia be: “Mɔ ka míato?” Yoram ɖo eŋu be: “Míato Edom-gbedadaƒomɔ.” Ale Israel-fia kple Yuda-fia kpakple Edom-fia zɔ mɔ.
9Esi wotrɔ to eme ŋkeke adrẽ la, tsi vɔ le aʋakɔ la kple lã siwo le wo ŋu la si. 10Tete fia Yoram gblɔ be: “Evɔ na mí! Aƒetɔ yɔ mí fia etɔ̃ siawo ƒo ƒui be yeatsɔ mí de asi na Moabtɔwo!” 11Fia Yosafat bia be: “Ðe Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖeke mele afii, ne míabia gbe Aƒetɔ ase oa?” Fia Yoram ƒe aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be: “Elisa, Safat vi le afii. Eyae nye ame si doa tsi asi na Eliya.” 12Yosafat gblɔ be: “Aƒetɔ ƒe gbe le esi.” Israel-fia kple Yosafat kpakple Edom-fia woyi egbɔ.
13Elisa gblɔ na Israel-fia be: “Nya ka le nye kpli wò dome? Heyi gbeƒãɖela siwo tɔ́wò kple nɔwò biaa gbee la gbɔ.” Israel-fia ɖo eŋu be: “Kpao, Aƒetɔ ɖe wòyɔ mí fia etɔ̃ siawo ƒo ƒui be yeatsɔ ade asi na Moab-fia.” 14Elisa ɖo eŋu be: “Metà Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ame si mesubɔna la ƒe agbe be ɖe menye Yuda-fia Yosafat mesí ɖa o la, anye ne nyematrɔ kɔ akpɔ wò koŋ o. 15Miyɔ kasaŋkuƒola aɖe nam.” Esime kasaŋkuƒolaa le saŋkua ƒom la, Aƒetɔ ƒe ŋusẽ va Elisa dzi, 16eye wògblɔ be: “Aƒetɔ be: ‘Táwo ayɔ tɔyo sia me fũu. 17Ya maƒo miase o, tsi madza miakpɔ o, gake tsi ayɔ tɔʋu sia me taŋ, ale be miawo ŋutɔ, miaƒe nyihawo kple miaƒe lãhawo miakpɔ ano.’ ” 18Elisa yi edzi be: “Esia wɔwɔ meɖi nu le Aƒetɔ gbɔ o. Etsɔ Moabtɔwo hã de asi na mi. 19Ana miasi woƒe du sesẽwo kple du veviwo katã. Miatso kutsetsetiwo katã, axe tsidzɔƒewo keŋ, eye miatsɔ kpewo agblẽ agbledeƒe nyuiwo katã.” 20Esi ŋu ke, eye vɔsaɣi ɖo la, kpɔ ɖa, tsi sí tso Edom lɔƒo va yɔ anyigba la dzi taŋ.
21Moabtɔwo se be fia etɔ̃awo ho aʋa ɖe yewo ŋu, ale woƒo ƒu ame siwo katã ate ŋu abla akpa, tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, eye wodze aʋa ɖe woƒe liƒo dzi. 22Esi wofɔ ŋdi kanya la, ɣe klẽ ɖe tsia dzi. Moabtɔwo kpɔ tsia le adzɔge wòbiã hẽe abe ʋu ene. 23Tete wodo ɣli be: “Ʋue! Fia etɔ̃awo wɔ aʋa kple wo nɔewo hetsrɔ̃. Moabtɔwo, mina míaɖaha woƒe nuwo!” 24Esi wova asaɖaa me la, Israelviwo tso ɖe wo ŋu, eye woɖe wo ɖe nu le wo wum. 25Wogbã woƒe duwo. Wo dometɔ ɖe sia ɖe fɔ kpe da ɖe woƒe agbledeƒewo katã ale be kpe yɔ wo dzi taŋtaŋ. Woxe tsidzɔƒewo katã hã eye wotso kutsetsetiwo keŋ ƒu anyi. Mlɔeba la, Kir Xeres-dua ƒe kpegliwo koe susɔ ɖi, eye akafodalawo ɖe to ɖee le kpe dam ɖe eme. 26Esi Moab-fia kpɔ be aʋa si ye vɔ la, eɖe yidala alafa adrẽ kpe ɖe eɖokui ŋu be yeato futɔawo dome sesẽe ayi Edom-fia gbɔ, ke mete ŋui o. 27Ale wòlé eya ŋutɔ via ŋutsu ŋgɔgbea si aɖu fia ɖe eyome la sa vɔe le duglia dzi. Nuwɔna sia he dɔmedzoe gã aɖe va Israelviwo dzi ale gbegbe be wogbugbɔ ɖe megbe le dua ŋu, eye wotrɔ yi aƒe.