Logo YouVersion
Icona Cerca

2 Timoteo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Paulo ƒe Agbalẽ evelia na Timoteo le abe eƒe nya mamlɛtɔwo na eƒe nusrɔ̃la kple hadɔwɔla lɔlɔ̃a ene. Wolé Paulo de gaxɔ me, ame geɖewo, kristotɔ aɖewo gɔ̃ hã, va tsi tsitre ɖe eƒe nufiafia ŋu. Ale Paulo ŋlɔ agbalẽ sia hedo ŋusẽ Timoteo be wòaɖe gbeƒã nyateƒenyanyui la dzideƒotɔe, ne nya sesẽwo kpekee eye yometitiwo va edzi gɔ̃ hã. Paulo ɖi ɖase le ale si eya ŋutɔ ʋli, lé xɔse la me ɖe asi sesĩe, wɔ aʋa la va se ɖe nuwuwu, eye wòle mɔ kpɔm na agbefiakuku la ŋuti.
Emenyawo
Gbedoname (1:1-2)
Ŋusẽdodo hena tenɔnɔ (1:3–2:26)
Nu si wòle be Timoteo nawɔ le ɣeyiɣi sesẽwo me (3:1-17)
Gbedeasi mamlɛtɔ na Timoteo (4:1-18)
Nya mamlɛwo, gbedonamewo kple yayranyawo (4:19-22)

Attualmente Selezionati:

2 Timoteo Ŋgɔdonya: AL

Evidenzia

Copia

Confronta

Condividi

None

Vuoi avere le tue evidenziazioni salvate su tutti i tuoi dispositivi?Iscriviti o accedi