Logo YouVersion
Icona Cerca

1 Tesalonikatɔwo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Pauloe nye ame si ɖo kristohame la ɖe Tesalonika. Tesalonika nye asidu xɔŋkɔ aɖe. Yudatɔwo ƒe amegãwo na amewo tsi tsitre ɖe eŋu ale gbegbe be enɔ na Paulo be wòadzo le dua me. Yudatɔwo va nɔ kristotɔwo yome tim vevie, eya ta Paulo ƒe hadɔwɔla Timoteo tso Tesalonika yi Paulo gbɔ, eye wògblɔ ale si nuwo nɔ sesẽm na kristotɔwo le Tesalonika la nɛ. Nu siae na Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na Tesalonikatɔwo hedo ŋusẽ wo. Eda akpe na wo le woƒe xɔse kple lɔlɔ̃ ta. Edo ŋusẽ wo be woalé xɔse la me ɖe asi sesĩe, anɔ agbe abe Kristotɔ vavãwo ene, eye woanɔ mɔkpɔkpɔ me na Kristo ƒe vava zi evelia.
Emenyawo
Gbedoname (1:1)
Hame la ƒe nɔnɔme kple ŋkɔxɔxɔ (1:1-10)
Apostolowo ƒe dɔwɔwɔ le wo dome (2:1–3:13)
Hame la ƒe nyawo ŋu dɔ wɔwɔ (4:1–5:11)
Ŋusẽdoamenyawo kple taƒonyawo (5:12-28)

Attualmente Selezionati:

1 Tesalonikatɔwo Ŋgɔdonya: AL

Evidenzia

Copia

Confronta

Condividi

None

Vuoi avere le tue evidenziazioni salvate su tutti i tuoi dispositivi?Iscriviti o accedi