Logo YouVersion
Icona Cerca

1 Korintotɔwo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Paulo ɖo kristohame la gɔme anyi ɖe Korinto le eƒe mɔzɔzɔ evelia me. Korinto nye ƒutadu kple asidu gã aɖe si me nu vɔ̃ wɔwɔ kple mawusubɔsubɔ ƒomevi vovowo bɔ ɖo. Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na kristotɔ siwo nɔ Korinto heɖo aɖaŋu na wo tso kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu, eye wòdo ŋusẽ wo be woalɔ̃ wo nɔewo, eye woakpɔ egbɔ be ɖekawɔwɔ kple nɔvisiléle le wo dome. Agbalẽ sia nye agbalẽ vevi aɖe na kristotɔwo le nu tɔxɛ siwo gbɔna la ta.
Emenyawo
Ŋgɔdonya (1:1-9)
Nuxɔxlɔ̃ tso memamawo ŋu (1:10–4:21)
Ɖoɖo na Hame la (5:1–6:20)
Paulo ƒe ŋuɖoɖowo na Korintotɔwo ƒe biabiawo (7:1–15:58)
Taƒonyawo (16:1-24)

Attualmente Selezionati:

1 Korintotɔwo Ŋgɔdonya: AL

Evidenzia

Copia

Confronta

Condividi

None

Vuoi avere le tue evidenziazioni salvate su tutti i tuoi dispositivi?Iscriviti o accedi