1 Korintotɔwo 9
9
Paulo ʋli eƒe apostolonyenye ta
1Ɖe nyemevo oa? Menye apostoloe menye oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la oa? Ɖe menye miawoe nye nye dɔ si mewɔ na Aƒetɔ la ƒe metsonu oa? 2Ne ame bubuwo mebum ɖe apostolowo dome o hã la, miawo ya mienya be apostolo menye elabena dzinyee mieto le Aƒetɔ la me hafi zu kristotɔwo fifia.
3Esia koe nye nya si le asinye na ame siwo nɔa ɖi kem kplim la. 4Aleke bum miele le ŋutinye? Ɖe mɔɖeɖe meli be mava dze mia gbɔ abe apostolo bubuawo ene le nye mɔzɔzɔwo me oa? 5Ɖe mɔɖeɖe meli be makplɔ srɔ̃nyɔnu si nye xɔsetɔ ɖe asi ava dze mia gbɔ abe ale si apostolo bubuawo, Yesu nɔviwo kple Kefa hã wɔna ene oa? 6Alo miesusu be nye kple Barnabas koe anɔ fu kpem, anɔ dɔ wɔm be míakpɔ mía ɖokuiwo dzi, le esime miawo miele ame bubuwo dzi kpɔm nyuie ɣe sia ɣia?
7Miese kpɔ be asrafo si le aʋagbedzi la kpɔ eya ŋutɔ ɖokui dzi le aʋagbedzi kpɔ oa? Alo miese kpɔ be agbledela mekpɔ mɔ aɖu eya ŋutɔ ƒe agblemenukuwo oa? Alo lãnyila kae mekpɔ mɔ ano notsi si wòfia tso eƒe lã ƒe nowo me la ƒe ɖe o? 8Menye amegbetɔwo ƒe susu ko gblɔm mele o; Mawu ƒe se gɔ̃ hã ɖo kpe nu siawo dzi pɛpɛpɛ 9elabena woŋlɔe ɖe Mose ƒe segbalẽ la me be, “Megabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Nyitsuwo ŋue Mawu tsi dzi ɖoa? 10Ɖe menye míawo tae wògblɔ nya sia ɖo oa? Ɛ̃, míawo tae, elabena Mawu di be yeaɖee afia be ame si ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me, eye ame si tugua mɔlu la natugui le mɔkpɔkpɔ me, be wòakpɔ gome le eme. 11Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe miaƒe dziwo me, eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o. 12Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi.
Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.
13Nɔviwo, ɖe mienya be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋu dɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa. 14Nenema ke Aƒetɔ ɖe gbe be ame siwo gblɔa nyanyui la fiana la, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyui la me.
15Gake nyemebia pesewa ɖeka hã tso mia gbɔ kpɔ o. Menye ɖe mele esia gblɔm na mi ne miabu be ɖe medi be miaɖo ga ɖem azɔ o. Le nyateƒe me, ne dɔ wum meku la, enyo wu be maxɔ ga le mia si, eye mabu dzidzedze gã si mekpɔna ne megblɔ mawunya na mi faa. 16Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne meke atse dzudzɔ la, baba nam! 17Nenye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nue metsɔ le dɔa wɔm la, ekema maxɔ nunana tɔxɛ tso Aƒetɔ la gbɔ gake mele eme alea o, ke boŋ Mawu ŋutɔe tiam tsɔ dɔ xɔasi sia de asi nam eya ta nyemate ŋu agbe o. 18Le esia ta la, nye fetu koe nye dzidzɔ tɔxɛ si yɔa menye ne megblɔ nyanyui na amewo faa, naneke maxɔmaxɔe, zi ale si wòle ɖoɖo nu be maxɔ fetu ɖe nye dɔwɔna ta hafi.
19Viɖe tɔxɛ aɖe le esia me, eye eyae nye be ame aɖeke mate ŋu azi dzinye le mɔ aɖeke nu o, elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ faa be mawɔ ɖokuinye kluvi na ame sia ame ƒomevi, ale be to esia me la, mate ŋu akplɔe va Yesu Kristo gbɔ. 20Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene, ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ke mezu abe ame si le sea te ene hena ame siwo le sea te (evɔ la, nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o), be asinye nasu ame siwo le sea te la dzi. 21Mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo (gake nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ), be asinye nasu semanɔsitɔwo dzi. 22Ne mele ame siwo ƒe xɔse meli ke tututu haɖe o la dome la, megbɔa dzi ɖi na wo ale be woalɔ̃ be makpe ɖe yewo ŋu. Ɛ̃, medzea agbagba be masɔ kple ame sia ame le mɔ ɖe sia ɖe dzi, ale be makpɔ mɔnu aɖe kokoko aƒo nu nɛ tso Kristo ŋu be wòakpɔ ɖeɖe tso egbɔ. 23Mewɔ esia be makaka nyanyui la na amewo katã eye to esia me la, nye hã maxɔ yayra tɔxɛ.
Ʋiʋli sesĩe na dziɖuɖufetu la xɔxɔ
24Ɖe mienyae be ne wole duɖime kem le dusiƒe la, dusilawo katãe kea duɖime, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la oa? Misi du la ale be miaxɔ dziɖuɖufetua. 25Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ. 26Eya ta nyemele duɖime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele kɔ dam abe ŋutsu si le kɔ dam ɖe yame la ene o, 27ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi.
Attualmente Selezionati:
1 Korintotɔwo 9: AL
Evidenzia
Copia
Confronta
Condividi
Vuoi avere le tue evidenziazioni salvate su tutti i tuoi dispositivi?Iscriviti o accedi
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.