Mateo 15
15
Tɔgbuiwo ƒe nufiafia
(Mar 7.1-13)
1Farisitɔ kple agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ hebiae be: 2“Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo daa mía tɔgbuiwo ƒe kɔnuwo dzi? Elabe womeklɔa asi hafi ɖua nu o!” 3Ke Yesu hã bia wo be: “Nu ka ta miawo hã miedaa Mawu ƒe se dzi le miaƒe kɔnyinyiwo ta? 4#Mos II, 20.12; Mos V, 5.16; Mos II, 21.17; Mos III, 20.9. Ɖe Mawu megblɔ be: ‘Bu tɔwò kple nɔwò’ eye wògagblɔ hã be: ‘Ame sia ame si gblɔ nya vɔ̃ ɖe tɔ́a alo nɔa ŋuti la, wonewui’ oa? 5Ke miawo ya miegblɔ be: ‘Ne ame aɖe gblɔ na tɔ́a alo nɔa be: Nu si wòle be mana wò la, metsɔe na Mawu la, ekema megahiã be amea nabu tɔ́a alo nɔa o.’ 6Eya ta to miaƒe kɔnyinyiwo dzi la, miena Mawu ƒe nya ɖi gbɔlo. 7Alakpatɔwo! Yesaya ƒe nya si wògblɔ le mia ŋuti la le eme vavã. Egblɔ be:
8 #
Yes 29.13. ‘Dukɔ sia le subɔnyem kple numenya viviwo ko,
ke woƒe dzi ya te ɖa xaa tso gbɔnye.
9 Wole subɔnyem dzodzro,
elabe wole amegbetɔwo ƒe sededewo kofiam
ɖe Mawu tɔ teƒe.’ ”
Nu siwo ƒoa ɖi ame
(Mar 7.14-23)
10Yesu yɔ ameha la va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Miɖo to ne miase nu gɔme! 11Menye nu si yina ɖe ame ƒe nu me lae ƒoa ɖi ame o, ke boŋ nu si doa go tso ame nu lae ƒoa ɖi ame.” 12Tete nusrɔ̃lawo va egbɔ hegblɔ nɛ be: “Ènya be esi Farisitɔwo se nya si nègblɔ la, eɖia wo nua?” 13Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Ati sia ati si Tɔ́nye si le dziƒo medo o la, woahoe ɖa. 14#Luk 6.39. Miɖe asi le wo ŋu. Ŋkuagbãtɔwo wonye gale ŋkuagbãtɔwo kplɔm. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, do me ko wo kple eve la katã woage adze.” 15Petro gblɔ nɛ be: “Ɖe lododo sia gɔme na mí.” 16Yesu gblɔ na wo be: “Ke miawo hã ame masenugɔmewo mieganye kokokoa? 17Ɖe mienyae be nu sia nu si ge ɖe ame ƒe nu me la yina ɖe eƒe dɔme, eye wòdenɛ le nugodo oa? 18#Mat 12.34. Ke nu siwo doa go tso ame nu la tsoa ame ƒe dzime, eye woawoe ƒoa ɖi ame. 19Elabe ame ƒe dzimee susu vɔ̃ɖi, amewuwu, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsoɖaseɖiɖi, nya vɔ̃ gbɔgblɔ ɖe ame ŋu doa go tsona. 20Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne womeklɔ asi hafi ɖu nu o la, eya meƒoa ɖi ame o.”
Nyɔnu aɖe ƒe xɔse
(Mar 7.24-30)
21Yesu dzo le teƒe ma yi ɖe Tiro kple Sidon nutowo me. 22Kanaan-nyɔnu aɖe, si tso nuto mawo me la va egbɔ kple ɣli be: “Nye Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui nam! Vinye nyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me!” 23Ke Yesu mede nu eme nɛ o. Eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu, ɖe kuku nɛ gblɔ be: “Do mɔe ne wòayi elabe ele ɣli dom akpa le mía yome.” 24Yesu ɖo eŋu gblɔ be: “Alẽ siwo bu le Israel-ƒeme gbɔ ko wodɔm ɖo ɖa.” 25Ke nyɔnua va dze klo ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, kpe ɖe ŋunye!” 26Yesu gblɔ nɛ be: “Menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe na avuviwo o.” 27Nyɔnua ɖo eŋu be: “Nyateƒee, Aƒetɔ, ele nenema baa, gake avuviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna ɖe anyi tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi ɖe.” 28Esi Yesu see la, egblɔ nɛ be: “Oo, aƒenɔ, wò xɔse tri akɔ loo! Nu si dim nèle la, neva eme na wò.” Via nyɔnuvi la ƒe lã me sẽ enumake.
Yesu yɔ dɔ dɔléla geɖewo
29Yesu dzo le afi ma, eye wòzɔ to Galilea-ƒua nu va ɖo togbɛ aɖe gbɔ. Eliae, eye wòbɔbɔ nɔ anyi. 30Ameha gã aɖe va egbɔ kple tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, nuwɔametɔwo, aɖetututɔwo kple dɔnɔ bubu ƒomevi geɖewo. Wotsɔ wo da ɖe eƒe afɔnu, eye wòyɔ dɔ wo. 31Esi amehawo kpɔ aɖetututɔwo le nu ƒom, nuwɔametɔwo zu ame blibowo, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, ewɔ nuku na wo ŋutɔ, ale wokafu Israel Mawu la.
Yesu na nu ame akpe ene woɖu
(Mar 8.1-10)
32Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Ameha la ƒe nu wɔ nublanui nam, elabe ŋkeke etɔ̃ sɔŋ nye esi wole ŋunye, ke naneke mele wo si woaɖu o. Nyemedi be mana woayi aƒe dɔmeɣi ne nu nava tso wo le mɔ ta o.” 33Eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu le, le gbegbe afii, wòasɔ gbɔ ade ame gbogbo siawo nu?” 34Yesu bia be: “Abolo nenie le mia si?” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be: “Wo ame adrẽ kple tɔmelã sue ʋɛ aɖewo.” 35Azɔ Yesu bia tso ameawo si be woabɔbɔ nɔ anyi. 36Etsɔ abolo adrẽ kple lã la, eye esi wòda akpe na Mawu la, eka wo tsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃laawo ma nuɖuɖua na ameha la. 37Wo katã woɖu nu, ɖi ƒo. Esi wofɔ kakɛ siwo susɔ la ƒo ƒu la, woyɔ kusi adrẽ. 38Ame siwo ɖu nua la le ŋutsu akpe ene; womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ya ɖe eme o. 39Esi Yesu do mɔ amehaa la, eɖo tɔdziʋu va Magadan-nutome.
Currently Selected:
Mateo 15: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.