1
Mateo 9:37-38
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Eya ta wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nuku si ŋe ge woala la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na Aƒetɔ la, ame si ƒe nuku ŋe ge woala la, bene wòadɔ dɔwɔlawo ɖa, ne woayi aɖaŋe nuku la.”
Compara
Explorar Mateo 9:37-38
2
Mateo 9:13
Miyi ɖadi nya si woŋlɔ ɖi be: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o’ la gɔme; elabe nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o; nuvɔ̃wɔlawo boŋ yɔ ge meva.”
Explorar Mateo 9:13
3
Mateo 9:36
Ke esi wòkpɔ amehaa la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti, elabe nu té wo ŋu, eye wotsi asi abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.
Explorar Mateo 9:36
4
Mateo 9:12
Yesu see eye wògblɔ be: “Lãmesesẽtɔwo mehiã gbedala o; ke boŋ dɔnɔwoe hiãe.
Explorar Mateo 9:12
5
Mateo 9:35
Yesu yi ɖatsa le duwo kple kɔƒewo me. Efia nu le ƒuƒoƒewo, gblɔ fiaɖuƒea ŋu Nyanyui la fia, eye wòda gbe le dɔléla kple lãmegbegblẽtɔ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.
Explorar Mateo 9:35