1
Lododowo 22:6
Agbenya La
AL
He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la, mate ɖa le edzi o.
2
Lododowo 22:4
Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu, bubu kple agbe vɛ.
3
Lododowo 22:1
Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.
4
Lododowo 22:24
Mègadze xɔ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ o eye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o
5
Lododowo 22:9
Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo.
6
Lododowo 22:3
Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu.
7
Lododowo 22:7
Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ.
8
Lododowo 22:2
Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu: Yehowae nye wo katã Wɔla.
9
Lododowo 22:22-23
Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta o eye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o, elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu eye wòaha ame si ha wo.