1
Romatɔwo 7:25
Agbenya La
AL
Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.
موازنہ
تلاش Romatɔwo 7:25
2
Romatɔwo 7:18
Elabena menya be nu nyui aɖeke menɔa menye o, ɖe ale si menye nu vɔ̃ ƒe ŋutilã ta. Elabena nu nyui wɔwɔ dzroam, gake nyemetea ŋu wɔnɛ o.
تلاش Romatɔwo 7:18
3
Romatɔwo 7:19
Elabena nyemewɔa nu nyui si medina be mawɔ la o; ke nu vɔ̃ si nyemedina be mawɔ o la, eya boŋ mewɔna.
تلاش Romatɔwo 7:19
4
Romatɔwo 7:20
Azɔ ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae le ewɔm.
تلاش Romatɔwo 7:20
5
Romatɔwo 7:21-22
Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam. Elabena le ememe ke la, mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la me
تلاش Romatɔwo 7:21-22
6
Romatɔwo 7:16
Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo.
تلاش Romatɔwo 7:16