1
Romatɔwo 12:2
Agbenya La
AL
Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.
Karşılaştır
Romatɔwo 12:2 keşfedin
2
Romatɔwo 12:1
Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.
Romatɔwo 12:1 keşfedin
3
Romatɔwo 12:12
Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi le xaxawo me, eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi.
Romatɔwo 12:12 keşfedin
4
Romatɔwo 12:21
Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.
Romatɔwo 12:21 keşfedin
5
Romatɔwo 12:10
Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo.
Romatɔwo 12:10 keşfedin
6
Romatɔwo 12:9
Migalɔ̃ mia nɔewo le ŋkume ko o, ke boŋ milɔ̃ wo tso dzi vavã me ke. Milé fu nu vɔ̃. Mide nu nyui dzi.
Romatɔwo 12:9 keşfedin
7
Romatɔwo 12:18
Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene.
Romatɔwo 12:18 keşfedin
8
Romatɔwo 12:19
Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la.
Romatɔwo 12:19 keşfedin
9
Romatɔwo 12:11
Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo.
Romatɔwo 12:11 keşfedin
10
Romatɔwo 12:3
Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu.
Romatɔwo 12:3 keşfedin
11
Romatɔwo 12:17
Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me.
Romatɔwo 12:17 keşfedin
12
Romatɔwo 12:16
Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o.
Romatɔwo 12:16 keşfedin
13
Romatɔwo 12:20
Le hlɔ̃biabia teƒe la, ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui. Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano. Ekema àna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta.
Romatɔwo 12:20 keşfedin
14
Romatɔwo 12:14-15
Ne ame aɖe wɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ŋuwò le wò kristotɔnyenye ta la, mègaƒo fi dee o; do gbe ɖa ɖe eta, eye nàyrae. Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm la; mifa konyi kple ame siwo le konyi fam la.
Romatɔwo 12:14-15 keşfedin
15
Romatɔwo 12:13
Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo.
Romatɔwo 12:13 keşfedin
16
Romatɔwo 12:4-5
Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la, nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia.
Romatɔwo 12:4-5 keşfedin
Ana Sayfa
Kutsal Kitap
Okuma Planları
Videolar