Logo Aplikacije Biblija
Dugme za pretraživanje

Mose IV 34

34
Anyigba la ƒe liƒowo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be: “Ne mieɖo Kanaan-nyigba, si tsɔm mele na mi be nenye mia tɔ dzi la, eƒe liƒowo anye esiwo gbɔna: 3Miaƒe anyigbemeliƒo natso Zin-gbedadaƒo amlo ato Edom ŋu. Adze egɔme tso Ƒukuku la ƒe mlɔenu le ɣedzeƒe gome, eye 4wòaɖo ta Akrabim-todzimɔ ƒe anyigbeme gome. Ato Zin ŋu ayi ɖe Kades Barnea ƒe anyigbeme lɔƒo, eye wòaɖo ta Xazar-Adar ava ke ɖe Azmon. 5Liƒo la anyè kpo tso Azmon afii ayi ɖe Egipte-tɔʋu la ŋu, eye wòava wu nu ɖe Domeƒu nu.”
6“Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo nanye Domeƒu la.
7“Miaƒe dzigbemeliƒo la natso Domeƒu la nu, eye wòato Hor-to la ŋu. 8Atso le Hor-to la gbɔ aɖo ta Xamat, eye wòava do ɖe Zedad. 9Liƒo la nato Zifron ava wu nu ɖe Xazar-Enan. Miaƒe dzigbemeliƒo la nanye esi.
10“Miaƒe ɣedzeƒeliƒo la natso Xazar-Enan ayi Sefam, 11ato Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe gome, eye wòazɔ Kineret-ƒu ƒe ɣedzeƒekpa ŋu. 12Nezɔ Yordan ŋu, eye wòava wu nu ɖe Ƒukuku la nu.
“Liƒo siawo naƒo xlã miaƒe anyigba la.”
13 # Mos IV, 26.52-56. # Yos 14.1-5. Ale Mose gblɔ na Israelviwo be: “Esiae nye anyigba si Aƒetɔ gblɔ be woatsɔ na to asieke kple afã. Ɖe woadzidze nu ɖe edzi hafi amae na mi. 14Ruben viwo ƒe to kple Gad viwo hã tɔ kpakple Manase ƒe to afã xɔ woƒe anyigba xoxo ɖe woƒe aƒekɔwo nu. 15Woxɔ anyigba le Yordan ƒe go kemɛ dzi le Yerixo kasa.”
Tatɔ siwo le anyigba la mama nu
16Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 17“Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, nama anyigba la na dukɔ la. 18Azɔ, tia tatɔ ɖekaɖeka tso toawo dometɔ ɖe sia ɖe me ne woakpe ɖe wo ŋu amae.” 19Ŋutsuawo ŋkɔwo nye: Kaleb, Yefune vi, tso Yuda-to la me; 20Semuel, Amihud vi, tso Simeon-to la me; 21Elidad, Kislon vi, tso Benyamin-to la me; 22kplɔla Buki, Yogli vi, tso Dan-to la me; 23Yosef viŋutsuwo tɔwo nye: kplɔla Xaniel, Efod vi, tso Manase viŋutsuwo ƒe to la me; 24kple kplɔla Kemuel, Siftan vi, tso Efrayim viŋutsuwo ƒe to la me. 25Kplɔla Elizafan, Parnax vi, tso Zebulon viŋutsuwo ƒe to la me; 26kplɔla Paltiel, Asan vi, tso Isaxar viwo ƒe to la me; 27kplɔla Axihud, Selemi vi, tso Aser viŋutsuwo ƒe to la me; 28kple kplɔla Pehadel, Amihud vi, tso Naftali viŋutsuwo ƒe to la me. 29Ame siawoe Aƒetɔ ɖo be woama anyigba la na Israelviwo le Kanaan-nyigba dzi.

Trenutno izabrano:

Mose IV 34: EB14

Istaknuto

Kopiraj

Uporedi

Podeli

None

Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi