Mose IV 33
33
Mɔzɔzɔ tso Egipte yi Moab
1Esime Israelviwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi yina le Mose kple Aron ƒe kpɔkplɔ te la, woƒu asaɖa anyi ɖe teƒeteƒewo le hatsotso hatsotso me. 2Ne woɖo teƒe aɖe heƒu asaɖa anyi ɖi la, Aƒetɔ nana Mose ŋlɔa teƒea ŋkɔ ɖi. Teƒe siwo wotɔ ɖo le mɔzɔzɔa me la woe nye: 3Woho tso Ramses le ƒè la ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia dzi. Le ŋutitoto la ƒe ŋufɔke la, Israelviwo dze mɔ abe dziɖulawo ene le Egiptetɔwo katã ŋkume dzo, 4esime Egiptetɔwo le woƒe ŋgɔgbevi siwo katã Aƒetɔ wu le wo dome la ɖim. Aƒetɔ he to na woƒe mawuwo hã.
5Israelviwo ho tso Ramses va ƒu asaɖa anyi ɖe Sukot. 6Wogaho tso Sukot va ƒu asaɖa anyi ɖe Etam le kegbegbe la nu. 7Esi woho tso afi ma la, wotrɔ ɖo ta Pi-Haxirot le Baal-Zefon ŋgɔ, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol ƒe ɣedzeƒe gome. 8Woho tso Pihaxirot eye wotso ƒu la va Sur-gbedadaƒo. Wozɔ Etam-gbedadaƒo ŋkeke etɔ̃, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Mara. 9Esi woho tso afi ma la, wova Elim afi si vudo wui eve kple deti bla adrẽ le, eye woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. 10Woho tso Elim va ƒu asaɖa anyi ɖe Aƒlaƒu la nu. 11Esi wotso le afi sia la, wova nɔ Zin-gbedadaƒo la. 12Eyome wova ƒu asaɖa anyi ɖe Dofka. 13Tso Dofka wova Alus. 14Esi wotso le Alus la, wova ƒu asaɖa anyi ɖe Refidim, afi si womekpɔ tsi aɖeke le ano o. 15Esi woho tso Refidim la, wova ƒu asaɖa anyi ɖe Sinai-gbedadaƒo. 16Woho tso Sinai-gbedadaƒo heva ƒu asaɖa anyi ɖe Kibrot-Hatava. 17Woho tso Kibrot-Hatava heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xazerot. 18Woho tso Xazerot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Ritma. 19Woho tso Ritma, va ƒu asaɖa anyi ɖe Rimon-Perez. 20Woho tso Rimon-Perez heva ƒu asaɖa anyi ɖe Libna. 21Woho tso Libna, va ƒu asaɖa anyi ɖe Risa. 22Woho tso Risa heva ƒu asaɖa anyi ɖe Kehelata. 23Woho tso Kehelata heva ƒu asaɖa anyi ɖe Sefer-to la gbɔ. 24Woho tso Sefer-to la gbɔ va ƒu asaɖa anyi ɖe Xarada. 25Woho tso Xarada heva ƒu asaɖa anyi ɖe Makehelot. 26Woho tso Makehelot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Taxat. 27Woho tso Taxat heva ƒu asaɖa anyi ɖe Tarax. 28Woho tso Tarax heva ƒu asaɖa anyi ɖe Mitka. 29Woho tso Mitka heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xasmona. 30Woho tso Xasmona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Moserot. 31Woho tso Moserot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Bene-Yakan. 32Woho tso Bene-Yakan heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xor-Hagidgad. 33Woho tso Xor-Hagidgad heva ƒu asaɖa anyi ɖe Yotbata. 34Woho tso Yotbata heva ƒu asaɖa anyi ɖe Abrona. 35Woho tso Abrona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Ezeon-Geber. 36Woho tso Ezeon-Geber heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zin-gbedadaƒo. Eya kee nye Kades. 37Woho tso Kades heva ƒu asaɖa anyi ɖe Hor-to la gbɔ le Edom ƒe liƒo dzi.
38 #
Mos IV, 20.22-28; Mos V, 10.6; 32.50. Nunɔla Aron lia Hor-to la, abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene, eye wòku le afi ma, le esime Israelviwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe bla ene megbe le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. 39Aron xɔ ƒe alafa ɖeka bla eve vɔ etɔ̃ hafi ku le Hor-to la dzi.
40 #
Mos IV, 21.1. Arad-fia si le Kanaan ƒe anyigbeme gome la se be Israelviwo gbɔna.
41Woho tso Hor-to la gbɔ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona. 42Woho tso Zalmona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Punon. 43Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot. 44Woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iyim-Abarim le Moabtɔwo ƒe nutome. 45Woho tso Ayim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Dibon-Gad. 46Woho tso Dibon-Gad heva ƒu asaɖa anyi ɖe Almon-Diblatayim. 47Woho tso Almon-Diblatayim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Abarim-towo gbɔ le Nebo ŋgɔ. 48Woho tso Abarim-towo gbɔ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa. 49Woƒu asaɖa anyi ɖe Yordan nu tso Bet-Yesimot va se ɖe Abel-Sitim le Moab-gbegbe.
Ɖoɖo si wowɔ na Israelviwo hafi wotso Yordan-tɔsisi la
50Aƒetɔ gblɔ na Mose le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa be: 51Gblɔ na Israelviwo be: “Ne mietso Yordan-tɔsisia va Kanaan-nyigba dzi la, 52minyà anyigbaa dzi nɔlawo katã ɖa le anyigba la dzi. Migbã woƒe aklama kpakpɛwo katã, legbawo katã kple woƒe mawusubɔƒewo keŋ. 53Mixɔ anyigba la le wo si mianɔ edzi, elabe ɖe metsɔe na mi be wòazu mia tɔ. 54#Mos IV, 26.54-56.Midzidze nu ɖe anyigba la dzi, eye miamae ɖe miaƒe toawo kple ƒomeawo nu. Teƒe si dzi nudzidze la dze la, mitsɔ lolotɔwo na ƒome siwo sɔ gbɔ eye mitsɔ suetɔwo na ƒome siwo mesɔ gbɔ o. 55Ke ne mienyà anyigba la dzi nɔlawo ɖa o la, ame siwo susɔ la azu abe ŋu ene anɔ miaƒe ŋku ta kple abe aŋɔka ene anɔ mia xa, eye woaɖe fu na mi le anyigba la dzi. 56Eya ta ne mienyà wo ɖa o la, mawɔ nu si meɖo be mawɔ wo la miawo boŋ vevie.”
Trenutno izabrano:
Mose IV 33: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.