Mose IV 26
26
Woxlẽ dukɔ la zi evelia
1 #
Mos IV, 1.1-46. Esi dɔ vɔ̃ la nu tso la, Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Eleazar, Aron vi be: 2“Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe bla eve kple vɔ eye woate ŋu ade aʋa la le dukɔa me. Mixlẽ wo aƒekɔ, aƒekɔ.” 3Mose kple Eleazar, nunɔla la, ƒo nu kple wo le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo gblɔ be: 4“Mixlẽ dukɔa me tɔ siwo xɔ ƒe bla eve kple vɔ, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. Israelvi siwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la woe nye:
5Ruben-to, Ruben ye nye Yakob ƒe ŋgɔgbevi: Eƒe aƒekɔwoe nye: Xanox, Palu, 6Xezron kple Karmi. 7Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ene vɔ etɔ̃ alafa adrẽ bla etɔ̃. 8Palu ƒe dzidzimeviwoe nye: Eliab, 9Nemuel, Datan kple Abiram. Datan kple Abiram siawo nye Israel-dukɔ la ƒe adaŋudehamenɔlawo. Woawoe tsi tre ɖe Mose kple Aron ŋu, eye wonɔ Korax ƒe ame siwo dze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu la dome. 10Anyigba ke nu mi wo, eye woku kpe ɖe Korax kple eyomedzelawo ŋu, esime dzo fiã ŋutsu alafa eve bla atɔ̃ mawo. Nyadzɔdzɔ sia va zu nyagbename na dukɔ la. 11Ke Korax viwo ya meku o.
12Simeon-to ƒe aƒekɔwoe nye: Nemuel, Yamin, Yakin, 13Sera kple Saul. 14Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla eve vɔ eve alafa eve.
15Gad-to ƒe aƒekɔwoe nye: Zifon, Xagi, Suni, 16Osni, Eri, 17Arod kple Areli. 18Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ene alafa atɔ̃.
19Yuda viŋutsuwoe nye: Ger kple Onan, eye Ger kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi. 20Yuda viŋutsuwo ɖe woƒe ƒomewo nue nye: Sela, ame si dzi Sela ƒome la; Perez, ame si dzi Perez ƒome la; Sera, ame si dzi Perez ƒome la; Sera, ame si dzi Sera ƒome la. 21Perez viŋutsuwo nye: Xezron, ame si dzi Xezron ƒome la; Xamul, ame si dzi Xamul ƒome la. 22Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla adrẽ vɔ ade alafa atɔ̃.
23Isaxar-to ƒe aƒekɔwoe nye: Tola, Puva, 24Yasub kple Simron. 25Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ade vɔ ene alafa etɔ̃.
26Zebulon-to ƒe aƒekɔwoe nye: Sered, Elon kple Yaxleel. 27Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ade alafa atɔ̃.
28Yosef viwoe nye: Manase kple Efrayim. 29Manase-to ƒe aƒekɔwoe nye: Manase dzi Maxir, eye Maxir dzi Gilead. Aƒekɔ siwo gbɔna la nye Gilead ƒe dzidzimeviwo: 30Yezer, Xelek, 31Asriel, Sixem, 32Semida, Xefer kple 33Zelofxad. Eya medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza. 34Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ame akpe bla atɔ̃ vɔ eve alafa adrẽ.
35Efrayim-to ƒe aƒekɔwoe nye: Sutelax, Bexer kple Taxan. 36Eran ƒe aƒekɔ do tso Sutelax ƒe dzidzime me. 37Efrayim ƒe dzidzimeviwo ƒe xexlẽmee nye ame akpe bla etɔ̃ vɔ eve alafa atɔ̃.
Aƒekɔ siawo katã dzɔ tso Yosef viŋutsuwo me.
38Benyamin-to ƒe aƒekɔwoe nye: Bela, Asbel, Axiram, 39Sefufam kple Xufam. 40Ard kple Naeman ƒe aƒekɔwo do tso Bela ƒe dzidzime me. 41Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ene vɔ atɔ̃ alafa ade.
42Dan-to ƒe aƒekɔe nye: Suxam, eye 43eƒe ŋutsuwo ƒe xexlẽmee nye akpe bla ade vɔ ene alafa ene.
44Aser-to ƒe aƒekɔwoe nye: Yimna, Yisvi kple Beria. 45Xeber kple Malkiel ƒe aƒekɔwo do tso Beria ƒe dzidzime me. 46Vinyɔnu ɖeka nɔ Aser si si ŋkɔe nye Sarax. 47Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene.
48Naftali-to ƒe aƒekɔwoe nye: Yaxzeel, Guni, 49Yezer kple Silem. 50Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ene vɔ atɔ̃ alafa ene.
51Israel-ŋutsu siwo woxlẽ la le ame akpe alafa ade kple ɖeka alafa adrẽ bla etɔ̃.
52 #
Mos IV, 34.13; Yos 14.1, 2. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 53“Ma anyigba la na toawo ɖe woƒe amewo ƒe agbɔsɔsɔ nu. 54To si sɔ gbɔ la ƒe domenyinu nalolo, eye nàtsɔ domenyinu sue na to si le sue la. To ɖe sia ɖe naxɔ domenyinu la ɖe eƒe xexlẽme nu. 55Ke woadzidze nu hafi ama anyigba la, eye woaxɔ domenyinu la ɖe wo tɔ́wo ƒe toawo ŋkɔ nu. 56Dzidze nu ɖe edzi hafi nàmae. Tsɔ lolotɔ na to si me tɔwo sɔ gbɔ wu, eye nàtsɔ suetɔ na to si me tɔwo mesɔ gbɔ o.”
57Aƒekɔ siwo le Levi-to mee nye: Gerson, Kehat kple Merari. 58Woƒe dzidzimeviwo ƒe aƒekɔwoe nye: Libni, Xebron, Maxeli, Musi kple Korax. Kehat vie nye Amram. 59Eya ɖe Levi-nyɔnu si ŋkɔe nye Yoxebed, ame si wodzi le Egipte. Edzi ŋutsuvi eve kple nyɔnuvi ɖeka na Amram siwo ƒe ŋkɔwoe nye Aron kple Mose kpakple wo nɔvinyɔnu Miryam. 60#Mos IV, 3.2.Viŋutsu ene nɔ Aron si, siwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. 61#Mos III, 10.1, 2; Mos IV, 3.4.Ke Nadab kple Abihu ku, elabe wotsɔ dzo makɔmakɔ va Aƒetɔ gbɔe. 62Levi-ŋutsuvi siwo xɔ dzinu ɖeka kple vɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe bla eve vɔ etɔ̃. Woxlẽ woawo ya ɖe vovo tso Israelvi bubuawo gbɔ, elabe womena domenyinu aɖeke wo le Israel-dukɔ me o.
63Mose kple Eleazar tia aƒekɔ siawo katã le Israel-toawo me xlẽ le Moab-gbegbe le Yordan godo le Yerixo kasa. 64Ke Israelvi siwo Mose kple nunɔla Aron tia xlẽ zi gbãtɔ le Sinai-gbedadaƒo la dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mele ame siwo woxlẽ zi evelia sia la dome o. 65#Mos IV, 14.26-35.Elabe Aƒetɔ gblɔ le wo ŋu be: “Wo katã aku le gbedadaƒo la.” Ale wo dometɔ ɖeka pɛ hã mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune vi kple Yosua, Nun vi ko.
Trenutno izabrano:
Mose IV 26: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.