Logo Aplikacije Biblija
Dugme za pretraživanje

Mose IV 25

25
Israelviwo va ɖo Peor
1Esi Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ŋutsuwo de asi gbolowɔwɔ me kple Moab-nyɔnu siwo le afi ma. 2Nyɔnu siawo kpea wo yia woƒe mawuwo ƒe vɔsaƒe, eye woɖua nu hesubɔa mawuawo. 3Ale Israelviwo ƒe susu tsi Baal, Peortɔwo ƒe mawu la ŋu eya ta Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe wo ŋu, 4eye wògblɔ na Mose be: “Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu ɖe ŋkunye me, eye nàde ka ve na wo ɖe ŋdɔgbe eye Aƒetɔ nadzudzɔ dzikudodo ɖe Israel ŋu.” 5Tete Mose gblɔ na dukplɔlaawo be: “Mia dome ame sia ame newu ŋutsu siwo le ete la dometɔ ɖe sia ɖe si zu Peortɔwo ƒe Baal subɔla la.”
6Esime amewo nɔ avi fam le godoƒegbadɔ la nu la, ɖeko Israel-ŋutsu aɖe kplɔ Midian-nyɔnu aɖe, le Mose kple Israelviwo ƒe ha blibo la ŋkume alea ko va yi ɖe eƒe agbadɔ me. 7Esi Pinehas, nunɔla Eleazar viŋutsu si nye Aron tɔgbuiyɔvi kpɔe la, etsi tsitre dzo le ha la dome. Eyi ɖatsɔ akplɔ, eye 8wòti ŋutsua yome yi ɖe eƒe xɔgãme, eye wòtu akplɔa eya kple nyɔnua siaa dzi, wòto wo kple evea ƒe dɔ me do. Tete dɔ vɔ̃ si le Israelviwo wum la nu tso. 9Gake hã, ewu ame akpe bla eve vɔ ene va yi xoxo.
10Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 11“Ame si na dɔmedzoe si medo ɖe Israelviwo ŋu la nu fa lae nye Pinehas. Eyae ʋã ŋu ɖe nunye le wo dome ale be nyemeʋã ŋu tsrɔ̃ Israelviwo le dɔmedzoe me o. 12Eya ta gblɔ nɛ be mele nu blam kplii. Nubabla sia ana ŋutifafa nanɔ nye kple woawo dome tegbee. 13Eya kple eƒe dzidzimeviwo anye nunɔlawo tegbee elabe eʋã ŋu ɖe nunye, eye to esia me wòlé avum, ale be metsɔ Israelviwo ƒe nuvɔ̃wo ke wo.”
14Israel-ŋutsu si wowu kple Midian-nyɔnua ŋkɔe nye Simri. Enye amegã Salu si nye Simeon ƒome ƒe tatɔ la vi. 15Midian-nyɔnua ŋkɔe nye Kosbi. Enye amegã Zur, ame si nye Midiantɔwo ƒe ƒometatɔ ɖeka la ƒe vinyɔnu.
16Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 17“Miɖe fu na Midiantɔwo, eye miwu wo keŋ, 18elabe woawo hã ɖe fu na mi vevie. Wowɔ aye flu mi le Peor, eye wotre mɔ̀ na mi kple wo denyɔnu Kosbi, ame si wowu gbe si gbe dɔ vɔ̃ ɖo mia dome le Peor.”

Trenutno izabrano:

Mose IV 25: EB14

Istaknuto

Kopiraj

Uporedi

Podeli

None

Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi