YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 3

3
Amegbetɔ ƒe tomaɖomaɖo
1 # Nya 2.24; Nyaɖ 12.9; 20.2. Azɔ la, da dze aye wu gbemelã siwo katã Aƒetɔ Mawu wɔ la. Ebia nyɔnua be: “Nyateƒe wònye be Mawu gblɔ be: ‘Migaɖu abɔmetiawo ƒe ɖeke o’ a?” 2Nyɔnua ɖo eŋu na da la be: “Woɖe mɔ be míɖu ati siwo le abɔa me la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tsetse. 3Ke ati si le abɔa titina ya la, Mawu de se be: ‘Migaɖu eƒe tsetsea gbeɖegbeɖe o; migaka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ne miewɔe la, miaku.’ ” 4Ke da ɖo eŋu nɛ be: “Miele kuku ge o. 5Elabe Mawu nya be ne mieɖui la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe ye Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” 6Esi nyɔnua kpɔ be atia nyo na ɖuɖu, eƒe tsetsea nyakpɔ na ŋku, eye wòdzroa ame be wòaɖui adze nunya la, egbe eƒe tsetsea ƒe ɖe ɖu, eye wòtsɔ ɖe na srɔ̃a si nɔ egbɔ la hã wòɖu. 7Tete wo kple evea ƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔ be yewole amama. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali.
8Esi anyinu fa miaa la, ŋutsua kple srɔ̃a wose Aƒetɔ Mawu ŋkɔ wòle zɔzɔm le abɔa me. Ale wosí le Aƒetɔ Mawu nu ɖabè ɖe atiwo dome le abɔa me. 9Ke Aƒetɔ Mawu yɔ Adam, eye wòbiae be: “Afi ka nèle?” 10Eɖo eŋu be: “Mese ŋkɔwò le abɔa me, eye mevɔ̃, elabe mele amama ale meyi ɖabè.” 11Mawu biae be: “Ame kae gblɔ na wò be amama nèle? Alo ɖe nèɖu ati si ƒe tsetsea mede se na wò be mègaɖu o laa?” 12Adam ɖo eŋu be: “Nyɔnu si nèda ɖe gbɔnye lae tsɔ atia ƒe tsetsea nam meɖu.” 13#Kor II, 11.3; Tim I, 2.14. Aƒetɔ Mawu bia nyɔnua be: “Nu kae nye esi nèwɔ?” Eɖo eŋu be: “Dae blem meɖui.”
Mawu ƒe tohehe
14Aƒetɔ Mawu gblɔ na da la be:
“Le nu si nèwɔ ta la,
woƒo fi de wò le aƒemelãwo
kple gbemelãwo katã dome.
Ƒodo dzi nàta le,
eye ʋuʋudedie nàɖu
le wò agbe me ŋkekewo katã me.
15 # Nyaɖ 12.17. Made adika wò kple nyɔnua dome,
eye eƒe dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo hã
anɔ kè me.
Agbã ta na wò,
eye wò hã àɖu afɔkpodzi nɛ.”
16Egblɔ na nyɔnua be:
“Madzi wò fufɔfɔ me fukpekpewo ɖe edzi,
eye àse veve helihelĩ
le wò kuléle me hafi adzi vi.
Ke wò didi anɔ srɔ̃wò ŋu,
eye eya aɖu gã ɖe dziwò.”
17 # Heb 6.8. Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Adam be:
“Esi nèse srɔ̃wò ƒe gbe,
eye nèɖu ati si ƒe tsetsea mede se na wò be
mègaɖu o ta la,
woaƒo fi ade anyigba le tawò.
Àkpe fu hafi akpɔ nu aɖu tso edzi
le wò agbenɔɣi blibo la katã.
18Anyigba amie ŋu kple aŋɔka na wò,
eye agble me amagbewo nàɖu.
19Fifia ate wò hafi nàkpɔ nu aɖu.
Ànɔ esia dzi ʋuu va se ɖe esime nàgatrɔ yi anyigba me
elabe eya me woɖe wò tsoe.
Anyie nènye,
eye anyi ke nàgatrɔ azu!”
20Adam yɔ srɔ̃a be Xawa elabe eyae nye amegbetɔwo katã nɔ. 21Aƒetɔ Mawu tsɔ lãgbalẽ tɔ awu do na Adam kple srɔ̃a.
Mawu nyà Adam kple Xawa do go le abɔ la me
22 # Nyaɖ 22.14. Azɔ la, Aƒetɔ Mawu gblɔ be: “Kpɔ ɖa, azɔ ame la zu abe míawo ke ene, eye wònya nyui kple vɔ̃. Ɖewohĩ ava do asi ɖa agbe ati si naa agbe la ƒe tsetsea hã aɖu ava tsi agbe tegbee.” 23Ale Aƒetɔ Mawu nyà ame la do goe le Eden-bɔ la me be wòayi aɖaŋlɔ anyigba si ƒe anyi wotsɔ mee la. 24Esi wònyà ame la do goe la, etsɔ kerubiwo kple yi si le dzo dam mlamlamla, eye wòtroa eɖokui ɖo ɖe akpa sia akpa la, da ɖe Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome. Ewɔ esia be woadzɔ mɔ si yi agbetia gbɔ la nu.

Currently Selected:

Mose I 3: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy