YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 2

2
1Ale Mawu wɔ dziƒo kple anyigba kpakple nu gbogbo siwo katã le wo me la wu nu. 2#Mos II, 20.11.#Heb 4.4, 10. Le ŋkeke adrẽlia gbe la, Mawu wɔ eƒe dɔ wu nu, eye wòdzudzɔ eɖokui tso dɔ siwo katã wòwɔ la me. 3Ale Mawu yra ŋkeke adrẽlia, eye wòkɔ eŋuti, elabe esime wòwɔ eƒe dɔwo katã wu nu vɔ la, eya dzie wòdzudzɔ le.
Eden-bɔ la
4Dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawoe nye esiawo: Esi Aƒetɔ Mawu wɔ dziƒo kple anyigba la, 5gbe alo ati aɖeke menɔ anyigba dzi o, eye nuku aɖeke hã memie ɖi o, elabe Aƒetɔ Mawu mena tsi dza o, eye gawu la, ame aɖeke mele anyigba dzi ade agble ɖe edzi o. 6Gake adzadza do tso anyigba la me, eye wònyɔ́ ɖe anyigba blibo la dzi. 7#Nya 15.8, 11; Kor I, 15.45. Azɔ Aƒetɔ Mawu tsɔ anyi mè amegbetɔe. Egbɔ gbɔgbɔ si naa agbe la ɖe eƒe ŋɔti me, eye ame la zu ame gbagbe. 8Tete Aƒetɔ Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wòtsɔ ame si wòmè la da ɖe eme. 9#Nyaɖ 2.7; 22.2, 14. Azɔ Aƒetɔ Mawu na ati vovovo siwo nyakpɔna kple esiwo ƒe kutsetse nyo na ɖuɖu la mie tso anyigba me. Ati si naa agbe kple ati si nana be wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina.
10Tɔsisi aɖe sí tso Eden va de tsi abɔ la. Esi wòto abɔa me vɔ la, edze ɖe ene. 11Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Esí to Xavila-nyigba blibo la dzi, afi si sika le. 12Sika si le anyigba ma dzi la nyo ŋutɔ; belodax kple oniks kpewo le afi ma. 13Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gixon. Eyae tsa to Nubia-nyigba blibo la dzi. 14Tɔsisia ƒe alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Xidekel. Eya sí to Asiria ƒe ɣedzeƒe gome. Tɔsisia ƒe alɔdze enelia ŋkɔe nye Frat.
15Azɔ la, Aƒetɔ Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔa me be wòaŋlɔ eme, akpɔ edzi. 16Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Àte ŋu aɖu ati siwo le abɔa me la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tsetsea faa. 17Ke mègaɖu ati si nana be wodzea si nyui kple vɔ̃ ƒe tsetse la ya gbeɖe o; gbe si gbe nàɖui la, àku godoo.”
Mawu mè lãwo, eye wòwɔ nyɔnu
18Azɔ la, Aƒetɔ Mawu gblɔ be: “Menyo be ame la ɖeɖe nanɔ anyi o; mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ la nɛ.” 19Ale Aƒetɔ Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo kple xewo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeakpɔ ŋkɔ si wòana wo la ɖa. Ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la, nenemae nye eƒe ŋkɔ. 20Ame la na ŋkɔ aƒemelãwo katã, xe dzodzoe ɖe sia ɖe kple gbemelãwo keŋ. Ke mekpɔ kpeɖeŋutɔ si sɔ nɛ la o. 21Azɔ Aƒetɔ Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Eɖe eƒe agbaƒuti ɖeka, eye wòtsɔ lã ɖo eteƒe. 22Aƒetɔ tsɔ agbaƒuti la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ŋutsu la gbɔe. 23Tete ŋutsu la gblɔ be:
“Ehɛ̃, azɔ ko!
Ame sia ƒe ƒu tso nye ŋutɔ nye ƒu me,
eƒe lã tso nye ŋutɔ nye lã me.
Woayɔ eya be nyɔnu,
elabe ŋutsu mee woɖee tsoe.”
24 # Mat 19.5; Mar 10.7, 8; Kor I, 6.16; Efes 5.31. Esia tae ŋutsu gblẽa tɔ́a kple nɔa ɖi, léna ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo kple evea wozua ame ɖeka. 25Ŋutsua kple srɔ̃a le amama, ke ŋu mekpea wo o.

Currently Selected:

Mose I 2: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy