1
Marko 2:17
Agbenya La
AL
Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”
Porównaj
Przeglądaj Marko 2:17
2
Marko 2:5
Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”
Przeglądaj Marko 2:5
3
Marko 2:27
Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o.
Przeglądaj Marko 2:27
4
Marko 2:4
Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.
Przeglądaj Marko 2:4
5
Marko 2:10-11
Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be, “Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!”
Przeglądaj Marko 2:10-11
6
Marko 2:9
Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, “Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?” ’
Przeglądaj Marko 2:9
7
Marko 2:12
Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”
Przeglądaj Marko 2:12