1
Mateo 7:7
Agbenya La
AL
“Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.
Porównaj
Przeglądaj Mateo 7:7
2
Mateo 7:8
Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.
Przeglądaj Mateo 7:8
3
Mateo 7:24
“Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene.
Przeglądaj Mateo 7:24
4
Mateo 7:12
Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.
Przeglądaj Mateo 7:12
5
Mateo 7:14
Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia.
Przeglądaj Mateo 7:14
6
Mateo 7:13
“Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme.
Przeglądaj Mateo 7:13
7
Mateo 7:11
Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa?
Przeglądaj Mateo 7:11
8
Mateo 7:1-2
“Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã, elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã.
Przeglądaj Mateo 7:1-2
9
Mateo 7:26
Gake ame si sea nye nyawo, eye metsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me.
Przeglądaj Mateo 7:26
10
Mateo 7:3-4
“Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã? Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?
Przeglądaj Mateo 7:3-4
11
Mateo 7:15-16
“Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le wo me la, wonye amegaxi nyanyrawo. Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia?
Przeglądaj Mateo 7:15-16
12
Mateo 7:17
Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ.
Przeglądaj Mateo 7:17
13
Mateo 7:18
Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o.
Przeglądaj Mateo 7:18
14
Mateo 7:19
Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me
Przeglądaj Mateo 7:19