1
Mateo 3:8
Agbenya La
AL
Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã.
Porównaj
Przeglądaj Mateo 3:8
2
Mateo 3:17
Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”
Przeglądaj Mateo 3:17
3
Mateo 3:16
Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi.
Przeglądaj Mateo 3:16
4
Mateo 3:11
“Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi.
Przeglądaj Mateo 3:11
5
Mateo 3:10
Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia atiwo ƒe kewo dzi: ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe aƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.
Przeglądaj Mateo 3:10
6
Mateo 3:3
Ame sia ŋutie woƒo nu le to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be, “Gbe aɖe le ɖiɖim le gbegbe bena, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo, eye mita mɔ dzɔdzɔewo nɛ!’ ”
Przeglądaj Mateo 3:3