1
2 Mose 5:1
Agbenya La
AL
Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’ ”
Porównaj
Przeglądaj 2 Mose 5:1
2
2 Mose 5:23
Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!”
Przeglądaj 2 Mose 5:23
3
2 Mose 5:22
Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa?
Przeglądaj 2 Mose 5:22
4
2 Mose 5:2
Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.”
Przeglądaj 2 Mose 5:2
5
2 Mose 5:8-9
Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’ Mina woƒe dɔ nagasẽ na wo wu tsã ale be woagayi dɔwɔwɔ dzi. Migaɖo to woƒe alakpanyawo o.”
Przeglądaj 2 Mose 5:8-9